1 |
Asaf ƒe nufiameha. Nye dukɔ, mise nye nufiame; miƒu le anyi ɖe nye nu me nyawo ŋu! |
2 |
Make nye nu kple lododowo, eye mate blemadzowo. |
3 |
Nusi miese, míenya, eye mía fofowo tsɔ da xo na mi la, |
4 |
míaɣlae de wo viwo o, eye míaxlẽ Yehowa ƒe ŋkɔxɔxɔ kple eƒe ŋusẽ kpakple nukunu, siwo wòwɔ la, afia megbeviwo. |
5 |
Etu se anyi ɖe Yakob, eye wòɖo nufiame anyi de Israel, siwo ŋu wòde se na mía fofowo le be, woafia wo wo viwo, |
6 |
ne woƒe ƒome megbetɔwo, ɖevi, siwo dzi ge woala la, nanyae, eye woatso ɖe tsitre axlẽe afia wo viwo, |
7 |
ne woaɖo ŋu de Mawu ŋu, eye womaŋlɔ Mawu ƒe nuwɔwɔwo be o, ke boŋ woalé eƒe sewo me de asi, |
8 |
ne womaganɔ abe wo fofowo, ƒome sẽto dzeaglã, ƒome, si ƒe dzi meli ke o, eye eƒe gbɔgbɔ meku ɖe Mawu ŋu le nyateƒe me o la ene o. |
9 |
Efrayim-viwo, aŋutrɔdala, siwo bla akpa la, de megbe le aʋawɔgbe; |
10 |
womelé Mawu ƒe nubabla la me de asi o, eye wogbe zɔzɔ de eƒe seawo nu, |
11 |
eye woƒe ŋku dzo le eƒe nuwɔwɔwo kple eƒe nukunu, siwo wòna wokpɔ la dzi. |
12 |
Ewɔ nukunuwo le wo fofowo ŋku me le Egipte-nyigba dzi, le Zoan-tagba. |
13 |
Emã atsiaƒu me ɖe eve, eye wòna woto eme, ena tsiwo dzɔ kã abe gli ene, |
14 |
Ŋkeke me la etsɔ alilikpo kplɔ woe, eye le zã blibo la me la etsɔ dzo keklẽ. |
15 |
Efe agakpe me le gbedzi, eye wòna tsi wo kpaŋkpaŋ wono. |
16 |
Ena tsi, si tso agakpewo me, eye tsi do bababa abe tɔsisi gãwo ene. |
17 |
Ke woyi dzi gawɔ nuvɔ̃ ɖe eŋu, eye wodze aglã ɖe dziƒoʋitɔ la ŋu le kuɖinyigba dzi. |
18 |
Wote Mawu kpɔ le woƒe dziwo me hebia nuɖuɖu na woƒe nudzodzro, |
19 |
eye woƒo nu ɖe Mawu ŋu gblɔ bena: Ɖe Mawu ate ŋu aɖo kplɔ̃ de gbedzi loo? |
20 |
Kpɔ ɖa, eƒo agakpe, tsi do, eye tɔʋuwo si bababa; ɖe wòate ŋu ana abolo alo lã hã eƒe dukɔ loo? |
21 |
Eyata esi Yehowa see la, dzi kui, dzo bi de Yakob ŋu, eye dɔmedzoe de dzi ɖe Israel ŋu. |
22 |
Elabena womexɔ Mawu dzi se o, eye womeɖo dzi ɖe eƒe xɔname ŋu o. |
23 |
Eye wòde se na alilikpowo le dzi me, enu dziƒo nu, |
24 |
eye mana dza, ne woaɖu; ẽ, dziƒobli wòna wo, |
25 |
mawudɔlawo ƒe abolo amegbetɔ ɖu, eye wòna nuɖudu woɖu ɖi ƒo. |
26 |
Ena ɣedzeƒeya ƒo le dziƒo ŋu, eye wòtsɔ eƒe ŋusẽ kplɔ dzieheya vɛ. |
27 |
Ena lã dza ɖe wo dzi abe ʋuʋudedi ene kple xewo abe ƒutake ene. |
28 |
Ena woge dze woƒe asaɖa titina ƒo xlã woƒe nɔƒewo. |
29 |
Ale wuɖui ɖi ƒo taŋ, eye wòwɔ woƒe dzodzro dzi na wo. |
30 |
Woƒe nudzodzro la nu mekpɔ yi haɖe o, eve woƒe nuɖuɖu la gale nu me na wo ko, |
31 |
tete Mawu ƒe dɔmedzoe de dzi ɖe wo ŋu, ewu amewo le woƒe amidalawo dome, eye wòƒo Israel-ɖekakpuiwo ƒu anyi. |
32 |
Ke to nusiawo katã gbɔ hã wogawɔ nuvɔ̃ yi dzi, eye womexɔ eƒe nukunuwo dzi se o. |
33 |
Eyata wòna woƒe ŋkekewo bu ɖe gbahlaya me kple woƒe ƒewo ɖe ŋɔdzi me. |
34 |
Ne ewu wo la, wobiaa ete sena, eye wotrɔna hedia Mawu; |
35 |
woɖoa ŋku edzi be, Mawue nye yewoƒe agakpe, eye Mawu, dziƒoʋitɔ la, enye yewoƒe xɔnametɔ. |
36 |
Wovivi nume nɛ kple woƒe nu, eye wotsɔ woƒe aɖe da alakpa nɛ; |
37 |
ke woƒe dzi meku de eŋu tsehe o, eye womewɔ eƒe nubabla dzi le nyateƒe me o. |
38 |
Ke eya la nublanuikpɔla wònye, etsɔa vodada kena, eye metsrɔ̃a ame o; eɖoa asi eƒe dɔmedzoe dzi zi geɖe, eye meɖea esi le eƒe dziku katã ŋu o. |
39 |
Eɖoa ŋku edzi be, ŋutilã wonye, ƒuƒu, si yina, eye megatrɔna gbɔna o la, wonye. |
40 |
Zi nenie womehedze aglã ɖe eŋu le gbeadzi, eye womedo dziku nɛ le gbedadaƒo o! |
41 |
Wole Mawu tetekpɔ dzi ɖaa, eye wodo dziku na Israel ƒe kɔkɔetɔ la. |
42 |
Womeɖo ŋku eƒe asi dzi le gbesigbe wòɖe wo tso ketɔ la si me, |
43 |
esime wòwɔ eƒe dzesiwo le Egipte kple eƒe nukunuwo le Zoan-tagba la o. |
44 |
Ene woƒe tɔsisiwo trɔ zu ʋu, eye womete ŋu nowoƒe tɔʋuwo o. |
45 |
Eɖo togbatowo ɖe wo dome woɖu wo, kple ekpɔkplɔwo wogblẽ wo. |
46 |
Etsɔ woƒe numiemiewo na ʋetrawo kple woƒe agblemenuwo na ʋetsuviwo. |
47 |
Eto woƒe weinkawo nyanyanya kple dzikpe, eye woƒe gbotiwo kple ketsi. |
48 |
Etsɔ woƒe lãwo na dzikpe kple woƒe lãhawo na dzikedzo. |
49 |
Eɖo eƒe dɔmedzoe heliheli, nyanyrã, dziku kple xaxa ɖe wo, siwo nye dɔla vɔ̃ɖiwo ƒe ha. |
50 |
Eɖe mɔ na eƒe dɔmedzoe, meɖe woƒe luʋɔ tso ku nu o, eye wòtsɔ woƒe agbe de asi na ɖɔvɔ̃. |
51 |
Eye wòwu woƒe ŋgɔgbeviwo katã le Egipte, woƒe ŋuse ƒe ŋgɔgbeawo le Xam ƒe agbadɔwo me. |
52 |
Ena eƒe dukɔ ho abe alẽwo ene, eye wòkplɔ wo le gbedzi abe lãhawo ene. |
53 |
Ekplɔ wo dedie, be womevɔ̃ o; ke woƒe tutɔwo la atsiaƒu nyẽ tsyɔ wo dzi. |
54 |
Eye wòkplɔ wo va eƒe anyigba kɔkɔe la dzi, va to, si eƒe nuɖusi xɔ la gbɔe. |
55 |
Enyã dukɔwo le wo ŋgɔ, eye wòdzidze nu ɖe edzi na wo, ne wòanye wo tɔ, eye Israel-toawo nɔ woƒe agbadɔwo me. |
56 |
Ke wote Mawu, dziƒoʋitɔ la kpɔ, wodze aglã, eye womelé eƒe seawo me ɖe esi o. |
57 |
Wote ɖe megbe, eye womeɖi anukware o abe wo fofowo ke ene, woƒo asa abe dati doagblɔ ene. |
58 |
Wotsɔ woƒe nuxeƒewo do dziku nɛ, eye woƒe legbawo wotsɔ do adãe. |
59 |
Mawu see, dzi kui, egbe Israel keŋkeŋ, |
60 |
eye wògblẽ nɔƒe, si le Silo, agbadɔ, si wòtu ɖe amegbetɔwo dome la ɖi. |
61 |
Etsɔ eƒe ŋusẽ de aboyo me, eye wòtsɔ eƒe atsyɔ̃ɖoɖo de asi na ketɔ te |
62 |
Etsɔ ete dukɔ de asi na yi, eye dzi kui ɖe eƒe ɖomenyinu ŋu. |
63 |
Dzo fiã eƒe ɖekakpuiwo, eye womedzi srɔ̃ɖeha na eƒe ɖetugbiwo o. |
64 |
Eƒe nunɔlawo tsi yi nu, eye avi bu ɖe eƒe ahosiwo. |
65 |
Tete Aƒetɔ la nyɔ abe alɔ̃dɔla ene, abe kɔlẽtɔ, si wein na wòle aseye tsom ene, |
66 |
eye wònyã eƒe futɔwo ɖe megbe; ŋukpe mavɔe wòdo wo. |
67 |
Ke edo vlo Yosef ƒe agbadɔ, eye metia Efrayim-to la o, |
68 |
ke boŋ etia Yuda-to la, Zion-to, si wòlɔ̃na. |
69 |
Eye wotu eƒe kɔkɔeƒe la abe dziŋgɔli ene, abe anyigba, si gɔme wóɖo anyi tegbee ene. |
70 |
Etia eƒe dɔla Dawid, eye wòkplɔe mo alẽkpɔwo gbɔe; |
71 |
eɖee le alẽ vinɔwo yome, ne wòakplɔ ele dukɔ Yakob kple eƒe domenyinu Israel. |
72 |
Ekpɔ wo dzi le eƒe dzi dzɔdzoe nu, eye wòtsɔ asi dzeaɖaŋu kplɔ woe.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Psalmowo 78:1 |
Psalmowo 78:2 |
Psalmowo 78:3 |
Psalmowo 78:4 |
Psalmowo 78:5 |
Psalmowo 78:6 |
Psalmowo 78:7 |
Psalmowo 78:8 |
Psalmowo 78:9 |
Psalmowo 78:10 |
Psalmowo 78:11 |
Psalmowo 78:12 |
Psalmowo 78:13 |
Psalmowo 78:14 |
Psalmowo 78:15 |
Psalmowo 78:16 |
Psalmowo 78:17 |
Psalmowo 78:18 |
Psalmowo 78:19 |
Psalmowo 78:20 |
Psalmowo 78:21 |
Psalmowo 78:22 |
Psalmowo 78:23 |
Psalmowo 78:24 |
Psalmowo 78:25 |
Psalmowo 78:26 |
Psalmowo 78:27 |
Psalmowo 78:28 |
Psalmowo 78:29 |
Psalmowo 78:30 |
Psalmowo 78:31 |
Psalmowo 78:32 |
Psalmowo 78:33 |
Psalmowo 78:34 |
Psalmowo 78:35 |
Psalmowo 78:36 |
Psalmowo 78:37 |
Psalmowo 78:38 |
Psalmowo 78:39 |
Psalmowo 78:40 |
Psalmowo 78:41 |
Psalmowo 78:42 |
Psalmowo 78:43 |
Psalmowo 78:44 |
Psalmowo 78:45 |
Psalmowo 78:46 |
Psalmowo 78:47 |
Psalmowo 78:48 |
Psalmowo 78:49 |
Psalmowo 78:50 |
Psalmowo 78:51 |
Psalmowo 78:52 |
Psalmowo 78:53 |
Psalmowo 78:54 |
Psalmowo 78:55 |
Psalmowo 78:56 |
Psalmowo 78:57 |
Psalmowo 78:58 |
Psalmowo 78:59 |
Psalmowo 78:60 |
Psalmowo 78:61 |
Psalmowo 78:62 |
Psalmowo 78:63 |
Psalmowo 78:64 |
Psalmowo 78:65 |
Psalmowo 78:66 |
Psalmowo 78:67 |
Psalmowo 78:68 |
Psalmowo 78:69 |
Psalmowo 78:70 |
Psalmowo 78:71 |
Psalmowo 78:72 |
|
|
|
|
|
|
Psalmowo 1 / Psa 1 |
Psalmowo 2 / Psa 2 |
Psalmowo 3 / Psa 3 |
Psalmowo 4 / Psa 4 |
Psalmowo 5 / Psa 5 |
Psalmowo 6 / Psa 6 |
Psalmowo 7 / Psa 7 |
Psalmowo 8 / Psa 8 |
Psalmowo 9 / Psa 9 |
Psalmowo 10 / Psa 10 |
Psalmowo 11 / Psa 11 |
Psalmowo 12 / Psa 12 |
Psalmowo 13 / Psa 13 |
Psalmowo 14 / Psa 14 |
Psalmowo 15 / Psa 15 |
Psalmowo 16 / Psa 16 |
Psalmowo 17 / Psa 17 |
Psalmowo 18 / Psa 18 |
Psalmowo 19 / Psa 19 |
Psalmowo 20 / Psa 20 |
Psalmowo 21 / Psa 21 |
Psalmowo 22 / Psa 22 |
Psalmowo 23 / Psa 23 |
Psalmowo 24 / Psa 24 |
Psalmowo 25 / Psa 25 |
Psalmowo 26 / Psa 26 |
Psalmowo 27 / Psa 27 |
Psalmowo 28 / Psa 28 |
Psalmowo 29 / Psa 29 |
Psalmowo 30 / Psa 30 |
Psalmowo 31 / Psa 31 |
Psalmowo 32 / Psa 32 |
Psalmowo 33 / Psa 33 |
Psalmowo 34 / Psa 34 |
Psalmowo 35 / Psa 35 |
Psalmowo 36 / Psa 36 |
Psalmowo 37 / Psa 37 |
Psalmowo 38 / Psa 38 |
Psalmowo 39 / Psa 39 |
Psalmowo 40 / Psa 40 |
Psalmowo 41 / Psa 41 |
Psalmowo 42 / Psa 42 |
Psalmowo 43 / Psa 43 |
Psalmowo 44 / Psa 44 |
Psalmowo 45 / Psa 45 |
Psalmowo 46 / Psa 46 |
Psalmowo 47 / Psa 47 |
Psalmowo 48 / Psa 48 |
Psalmowo 49 / Psa 49 |
Psalmowo 50 / Psa 50 |
Psalmowo 51 / Psa 51 |
Psalmowo 52 / Psa 52 |
Psalmowo 53 / Psa 53 |
Psalmowo 54 / Psa 54 |
Psalmowo 55 / Psa 55 |
Psalmowo 56 / Psa 56 |
Psalmowo 57 / Psa 57 |
Psalmowo 58 / Psa 58 |
Psalmowo 59 / Psa 59 |
Psalmowo 60 / Psa 60 |
Psalmowo 61 / Psa 61 |
Psalmowo 62 / Psa 62 |
Psalmowo 63 / Psa 63 |
Psalmowo 64 / Psa 64 |
Psalmowo 65 / Psa 65 |
Psalmowo 66 / Psa 66 |
Psalmowo 67 / Psa 67 |
Psalmowo 68 / Psa 68 |
Psalmowo 69 / Psa 69 |
Psalmowo 70 / Psa 70 |
Psalmowo 71 / Psa 71 |
Psalmowo 72 / Psa 72 |
Psalmowo 73 / Psa 73 |
Psalmowo 74 / Psa 74 |
Psalmowo 75 / Psa 75 |
Psalmowo 76 / Psa 76 |
Psalmowo 77 / Psa 77 |
Psalmowo 78 / Psa 78 |
Psalmowo 79 / Psa 79 |
Psalmowo 80 / Psa 80 |
Psalmowo 81 / Psa 81 |
Psalmowo 82 / Psa 82 |
Psalmowo 83 / Psa 83 |
Psalmowo 84 / Psa 84 |
Psalmowo 85 / Psa 85 |
Psalmowo 86 / Psa 86 |
Psalmowo 87 / Psa 87 |
Psalmowo 88 / Psa 88 |
Psalmowo 89 / Psa 89 |
Psalmowo 90 / Psa 90 |
Psalmowo 91 / Psa 91 |
Psalmowo 92 / Psa 92 |
Psalmowo 93 / Psa 93 |
Psalmowo 94 / Psa 94 |
Psalmowo 95 / Psa 95 |
Psalmowo 96 / Psa 96 |
Psalmowo 97 / Psa 97 |
Psalmowo 98 / Psa 98 |
Psalmowo 99 / Psa 99 |
Psalmowo 100 / Psa 100 |
Psalmowo 101 / Psa 101 |
Psalmowo 102 / Psa 102 |
Psalmowo 103 / Psa 103 |
Psalmowo 104 / Psa 104 |
Psalmowo 105 / Psa 105 |
Psalmowo 106 / Psa 106 |
Psalmowo 107 / Psa 107 |
Psalmowo 108 / Psa 108 |
Psalmowo 109 / Psa 109 |
Psalmowo 110 / Psa 110 |
Psalmowo 111 / Psa 111 |
Psalmowo 112 / Psa 112 |
Psalmowo 113 / Psa 113 |
Psalmowo 114 / Psa 114 |
Psalmowo 115 / Psa 115 |
Psalmowo 116 / Psa 116 |
Psalmowo 117 / Psa 117 |
Psalmowo 118 / Psa 118 |
Psalmowo 119 / Psa 119 |
Psalmowo 120 / Psa 120 |
Psalmowo 121 / Psa 121 |
Psalmowo 122 / Psa 122 |
Psalmowo 123 / Psa 123 |
Psalmowo 124 / Psa 124 |
Psalmowo 125 / Psa 125 |
Psalmowo 126 / Psa 126 |
Psalmowo 127 / Psa 127 |
Psalmowo 128 / Psa 128 |
Psalmowo 129 / Psa 129 |
Psalmowo 130 / Psa 130 |
Psalmowo 131 / Psa 131 |
Psalmowo 132 / Psa 132 |
Psalmowo 133 / Psa 133 |
Psalmowo 134 / Psa 134 |
Psalmowo 135 / Psa 135 |
Psalmowo 136 / Psa 136 |
Psalmowo 137 / Psa 137 |
Psalmowo 138 / Psa 138 |
Psalmowo 139 / Psa 139 |
Psalmowo 140 / Psa 140 |
Psalmowo 141 / Psa 141 |
Psalmowo 142 / Psa 142 |
Psalmowo 143 / Psa 143 |
Psalmowo 144 / Psa 144 |
Psalmowo 145 / Psa 145 |
Psalmowo 146 / Psa 146 |
Psalmowo 147 / Psa 147 |
Psalmowo 148 / Psa 148 |
Psalmowo 149 / Psa 149 |
Psalmowo 150 / Psa 150 |