1 |
Dawid tɔ. Ɖzi megaku wò le nu vlo wɔlawo ŋu o, eye megaʋã ŋu ɖe amesiwo wɔ nu tovo la ŋu o! |
2 |
Elabena woasi wo xoxoxo abe gbe ene, eye woayrɔ abe aŋgba ene. |
3 |
Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye nawɔ nyuie! Nɔ anyigba dzi, eye naɖi anukware! |
4 |
Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò, eye wòana nusi wò dzi di la wò. |
5 |
Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa dzi, eye naɖo ŋu ɖe eŋu, ekema awɔe ade goe. |
6 |
Ahe wò dzɔdzɔenyenye ɖe go abe kekeli ene, kple wò nya dzɔdzɔe ɖe go abe ŋɖɔkutsu ene. |
7 |
Zi kpi na Yehowa kpoo, eye nakpɔ esinu! Dzi megaku wò ɖe amesi ƒe mɔwo dzea dzi nɛ, kple ŋutsu, si nye ayetɔ la ŋu o! |
8 |
Wò dɔmedzoe nu nefa, eye nadzudzɔ dzikudodo; dzi megaku wò o, elabena nu vɔ̃ɖi ko nayi wɔwɔ ge! |
9 |
Elabena woatsrɔ̃ ame vlowo, ke amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa la, woanyi anyigba la dome. |
10 |
Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, eye ne èɖe ŋku ɖe eleƒe la, màgakpɔe o. |
11 |
Ke eme ɖihiãwo enyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti. |
12 |
Ame vɔ̃ɖi ɖoa vɔ̃ ɖe ame dzɔdzɔe la ŋu, eye wòɖua aɖukli ɖe eŋu. |
13 |
Aƒetɔ la le ekom, elabena ekpɔ be, eƒe ŋkeke li gbɔna. |
14 |
Ame vɔ̃ɖiwo di yi, eye wova woƒe da me, ne woaxlã hiãtɔwo kple ame dahewo ɖe anyi, eye woawu amesiwo ƒe zɔzɔme to mɔ ɖeka la. |
15 |
Ke woƒe yi aƒo ɖe woawo ŋutɔ ƒe dzi, eye woƒe da aŋe. |
16 |
Nu ʋee, si le ame dzɔdzɔewo si la, nyo wu ame vɔ̃ɖi geɖewo ƒe nu gbogboawo. |
17 |
Elabena ame vɔ̃ɖiwo ƒe alɔ aŋe, ke Yehowa léa ame dzɔdzɔewo ɖe le. |
18 |
Elabena Yehowa nya ame maɖifɔwo ƒe ŋkeke, eye woƒe domenyinu anɔ anyi tegbee. |
19 |
Ŋu makpa wo le ŋkeke vɔ̃wo dzi o, eye woaɖi ƒo le dɔŋɔli. |
20 |
Elabena ame vɔ̃ɖiwo atsrɔ̃, eye Yehowa ƒe ketɔwo nu ayi abe lãnyiƒe ƒe atsyɔ̃ɖoɖo ene; wo nu ayi abe dzudzɔ ene. |
21 |
Ame vɔ̃ɖi la doa nugbana, eye mexenɛ o; ke ame dzɔdzɔe la vea ame nu, eye wonae nu ame. |
22 |
Elabena amesiwo wòyra la, woanyi anyigba la dome, ke woatsrɔ̃ amesiwo wòƒo fi de la. |
23 |
Yehowa lia ke ŋutsu ƒe afɔɖeɖe, nenye be, eƒe mɔwo dze eŋu. |
24 |
Ne edze anyi la, made baba ɖe anyi o, elabena Yehowa léa eƒe asi ɖe te. |
25 |
Meno ɖevime tsã, eye azɔ metsi, ke nyemekpɔ be, wogblẽ eme dzɔdzɔe ɖi, eye viawo ɖo abologbe kpɔ o. |
26 |
Evea ame nu ɣesiaɣi, eye wòdoa nugbana, eye viawo zua yayra. |
27 |
Tsri vɔ̃, eye nawɔ nyui, ekema ànɔ anyi tegbee. |
28 |
Elabena Yehowa laa nya dzɔdzɔe, eye megblẽa eƒe mawumemewo ɖi o; akpɔ wo ta tegbee, ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe viwo. |
29 |
Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee. |
30 |
Nunya le ame dzɔdzɔe la nu, eye eƒe aɖe gblɔa nya dzɔdzɔe. |
31 |
Eƒe Mawu ƒe se la le eƒe dzi me, eye eƒe afɔɖeɖe meʋãna o. |
32 |
Ame vɔ̃ɖi la ɖe xa di na ame dzɔdzɔe la, eye wòdi be, yeawui. |
33 |
Ke Yehowa megblẽe ɖe esi me o, eye ne wodrɔ̃ ʋɔnui la, mebua fɔe o. |
34 |
Kpɔ mɔ na Yehowa, eye nalé ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu, ekema ado wò ɖe dzi, ne nanyi anyigba la dome, eye ne woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la, àkpɔ eteƒe. |
35 |
Mekpɔ ame vɔ̃ɖia ɖe le ɖadzra ɖam, eye wòvu eɖokui ɖranyi abe ati dodo, si vu ke la ene. |
36 |
Mete eŋu yi, eye kpɔ ɖa, megali o; medii, eye nyemekpɔe o. |
37 |
Lé ŋku ɖe eme maɖifɔ la ŋu, eye nakpɔ ame dzɔdzɔe la ɖa, elabena dzidzimeviwo le ŋutifafame la si. |
38 |
Woatsrɔ̃ dzidalawo katã, eye woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzidzimeviwo. |
39 |
Ke dzɔdzɔewo ƒe xɔname tso Yehowa gbɔ, eya nye sitsoƒe na wo le hiãɣi me. |
40 |
Yehowa dea wo dzi, eye wòɖea wo, eɖea wo tso ame vɔ̃ɖiwo si me, eye wòxɔna na wo, elabena wosinɛ tsona.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Psalmowo 37:1 |
Psalmowo 37:2 |
Psalmowo 37:3 |
Psalmowo 37:4 |
Psalmowo 37:5 |
Psalmowo 37:6 |
Psalmowo 37:7 |
Psalmowo 37:8 |
Psalmowo 37:9 |
Psalmowo 37:10 |
Psalmowo 37:11 |
Psalmowo 37:12 |
Psalmowo 37:13 |
Psalmowo 37:14 |
Psalmowo 37:15 |
Psalmowo 37:16 |
Psalmowo 37:17 |
Psalmowo 37:18 |
Psalmowo 37:19 |
Psalmowo 37:20 |
Psalmowo 37:21 |
Psalmowo 37:22 |
Psalmowo 37:23 |
Psalmowo 37:24 |
Psalmowo 37:25 |
Psalmowo 37:26 |
Psalmowo 37:27 |
Psalmowo 37:28 |
Psalmowo 37:29 |
Psalmowo 37:30 |
Psalmowo 37:31 |
Psalmowo 37:32 |
Psalmowo 37:33 |
Psalmowo 37:34 |
Psalmowo 37:35 |
Psalmowo 37:36 |
Psalmowo 37:37 |
Psalmowo 37:38 |
Psalmowo 37:39 |
Psalmowo 37:40 |
|
|
|
|
|
|
Psalmowo 1 / Psa 1 |
Psalmowo 2 / Psa 2 |
Psalmowo 3 / Psa 3 |
Psalmowo 4 / Psa 4 |
Psalmowo 5 / Psa 5 |
Psalmowo 6 / Psa 6 |
Psalmowo 7 / Psa 7 |
Psalmowo 8 / Psa 8 |
Psalmowo 9 / Psa 9 |
Psalmowo 10 / Psa 10 |
Psalmowo 11 / Psa 11 |
Psalmowo 12 / Psa 12 |
Psalmowo 13 / Psa 13 |
Psalmowo 14 / Psa 14 |
Psalmowo 15 / Psa 15 |
Psalmowo 16 / Psa 16 |
Psalmowo 17 / Psa 17 |
Psalmowo 18 / Psa 18 |
Psalmowo 19 / Psa 19 |
Psalmowo 20 / Psa 20 |
Psalmowo 21 / Psa 21 |
Psalmowo 22 / Psa 22 |
Psalmowo 23 / Psa 23 |
Psalmowo 24 / Psa 24 |
Psalmowo 25 / Psa 25 |
Psalmowo 26 / Psa 26 |
Psalmowo 27 / Psa 27 |
Psalmowo 28 / Psa 28 |
Psalmowo 29 / Psa 29 |
Psalmowo 30 / Psa 30 |
Psalmowo 31 / Psa 31 |
Psalmowo 32 / Psa 32 |
Psalmowo 33 / Psa 33 |
Psalmowo 34 / Psa 34 |
Psalmowo 35 / Psa 35 |
Psalmowo 36 / Psa 36 |
Psalmowo 37 / Psa 37 |
Psalmowo 38 / Psa 38 |
Psalmowo 39 / Psa 39 |
Psalmowo 40 / Psa 40 |
Psalmowo 41 / Psa 41 |
Psalmowo 42 / Psa 42 |
Psalmowo 43 / Psa 43 |
Psalmowo 44 / Psa 44 |
Psalmowo 45 / Psa 45 |
Psalmowo 46 / Psa 46 |
Psalmowo 47 / Psa 47 |
Psalmowo 48 / Psa 48 |
Psalmowo 49 / Psa 49 |
Psalmowo 50 / Psa 50 |
Psalmowo 51 / Psa 51 |
Psalmowo 52 / Psa 52 |
Psalmowo 53 / Psa 53 |
Psalmowo 54 / Psa 54 |
Psalmowo 55 / Psa 55 |
Psalmowo 56 / Psa 56 |
Psalmowo 57 / Psa 57 |
Psalmowo 58 / Psa 58 |
Psalmowo 59 / Psa 59 |
Psalmowo 60 / Psa 60 |
Psalmowo 61 / Psa 61 |
Psalmowo 62 / Psa 62 |
Psalmowo 63 / Psa 63 |
Psalmowo 64 / Psa 64 |
Psalmowo 65 / Psa 65 |
Psalmowo 66 / Psa 66 |
Psalmowo 67 / Psa 67 |
Psalmowo 68 / Psa 68 |
Psalmowo 69 / Psa 69 |
Psalmowo 70 / Psa 70 |
Psalmowo 71 / Psa 71 |
Psalmowo 72 / Psa 72 |
Psalmowo 73 / Psa 73 |
Psalmowo 74 / Psa 74 |
Psalmowo 75 / Psa 75 |
Psalmowo 76 / Psa 76 |
Psalmowo 77 / Psa 77 |
Psalmowo 78 / Psa 78 |
Psalmowo 79 / Psa 79 |
Psalmowo 80 / Psa 80 |
Psalmowo 81 / Psa 81 |
Psalmowo 82 / Psa 82 |
Psalmowo 83 / Psa 83 |
Psalmowo 84 / Psa 84 |
Psalmowo 85 / Psa 85 |
Psalmowo 86 / Psa 86 |
Psalmowo 87 / Psa 87 |
Psalmowo 88 / Psa 88 |
Psalmowo 89 / Psa 89 |
Psalmowo 90 / Psa 90 |
Psalmowo 91 / Psa 91 |
Psalmowo 92 / Psa 92 |
Psalmowo 93 / Psa 93 |
Psalmowo 94 / Psa 94 |
Psalmowo 95 / Psa 95 |
Psalmowo 96 / Psa 96 |
Psalmowo 97 / Psa 97 |
Psalmowo 98 / Psa 98 |
Psalmowo 99 / Psa 99 |
Psalmowo 100 / Psa 100 |
Psalmowo 101 / Psa 101 |
Psalmowo 102 / Psa 102 |
Psalmowo 103 / Psa 103 |
Psalmowo 104 / Psa 104 |
Psalmowo 105 / Psa 105 |
Psalmowo 106 / Psa 106 |
Psalmowo 107 / Psa 107 |
Psalmowo 108 / Psa 108 |
Psalmowo 109 / Psa 109 |
Psalmowo 110 / Psa 110 |
Psalmowo 111 / Psa 111 |
Psalmowo 112 / Psa 112 |
Psalmowo 113 / Psa 113 |
Psalmowo 114 / Psa 114 |
Psalmowo 115 / Psa 115 |
Psalmowo 116 / Psa 116 |
Psalmowo 117 / Psa 117 |
Psalmowo 118 / Psa 118 |
Psalmowo 119 / Psa 119 |
Psalmowo 120 / Psa 120 |
Psalmowo 121 / Psa 121 |
Psalmowo 122 / Psa 122 |
Psalmowo 123 / Psa 123 |
Psalmowo 124 / Psa 124 |
Psalmowo 125 / Psa 125 |
Psalmowo 126 / Psa 126 |
Psalmowo 127 / Psa 127 |
Psalmowo 128 / Psa 128 |
Psalmowo 129 / Psa 129 |
Psalmowo 130 / Psa 130 |
Psalmowo 131 / Psa 131 |
Psalmowo 132 / Psa 132 |
Psalmowo 133 / Psa 133 |
Psalmowo 134 / Psa 134 |
Psalmowo 135 / Psa 135 |
Psalmowo 136 / Psa 136 |
Psalmowo 137 / Psa 137 |
Psalmowo 138 / Psa 138 |
Psalmowo 139 / Psa 139 |
Psalmowo 140 / Psa 140 |
Psalmowo 141 / Psa 141 |
Psalmowo 142 / Psa 142 |
Psalmowo 143 / Psa 143 |
Psalmowo 144 / Psa 144 |
Psalmowo 145 / Psa 145 |
Psalmowo 146 / Psa 146 |
Psalmowo 147 / Psa 147 |
Psalmowo 148 / Psa 148 |
Psalmowo 149 / Psa 149 |
Psalmowo 150 / Psa 150 |