1 |
Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee! |
2 |
Israel negblɔ be: Eƒe amenuveve li tegbee! |
3 |
Aron ƒe aƒe negblɔ be: Eƒe amenuveve li tegbee! |
4 |
Amesiwo vɔ̃a Yehowa la, negblɔ be: Eƒe amenuveve li tegbee! |
5 |
Meyɔ Yehowa le xaxa me, Yehowa tɔ nam hetsɔm ɖo teƒe keke. |
6 |
Yehowa li kplim, nyemavɔ̃ o, nuka amegbetɔ awɔm? |
7 |
Yehowa li kplim, enye xɔnametɔ nam, eye makpa nye ketɔwo ɖa kple ŋku. |
8 |
Enyo be, woasi Yehowa atso, wu esi woaɖo dzi ɖe amegbetɔwo ŋu. |
9 |
Enyo be, woasi Yehowa atso, wu esi woaɖo dzi ɖe amegãwo ŋu. |
10 |
Dukɔwo katã ƒo kɔ ɖe ŋunye, Yehowa ƒe ŋkɔ dzi metsrɔ̃ wo ɖa le. |
11 |
Woƒo kɔ ɖe ŋunye, ẽ, woƒo kɔ ɖe ŋunye, Yehowa ƒe ŋkɔ dzi matsrɔ̃ wo da le. |
12 |
Woƒo kɔ ɖe ŋunye abe anyiwo ene, eye wotsi ahe aŋɔkadzo ene, Yehowa ƒe ŋkɔ dzi matsrɔ̃ wo ɖa le. |
13 |
Enya tu asim, be madze anyi, ke Yehowa xɔ nam. |
14 |
Nye ŋusẽ kple nye ha enye Yehowa, eye wònye nye xɔname. |
15 |
Aseye kple dzidzɔɣli le didim le ame dzɔdzɔewo ƒe agbadɔwo me be: Yehowa ƒe nuɖusi wɔa kalẽ! |
16 |
Yehowa ƒe nuɖusi ɖea dzi, Yehowa ƒe nuɖusi wɔa kalẽ! |
17 |
Nyemaku o, ke boŋ mana agbe axlẽ Yehowa ƒe ɖówɔwɔwo afia. |
18 |
Yehowa he to nam, gake medem asi na ku o. |
19 |
Miʋu dzɔdzɔenyenyegbowo nam, ne mage ɖe eme ada akpe na Yehowa. |
20 |
Yehowa ƒe agboe nye esia, ame dzɔdzɔewoe age ɖe eme. |
21 |
Meda akpe na wò, be nèɖo tom, eye nènye xɔnametɔ nam. |
22 |
Kpe, si xɔtulawo gbe la, eyae trɔ zu dzogoedzikpe. |
23 |
Yehowa gbɔ esia tso, enye nukunu le míaƒe ŋkuwo me. |
24 |
Esia nye ŋkeke, si Yehowa wɔ, mina míatso aseye, eye míakpɔ dzidzɔ ɖe eŋu! |
25 |
Oo Yehowa, xɔ na mí, Yehowa, na wòadze edzi dzro! |
26 |
Woayra amesi gbɔna le Yehowa ƒe ŋkɔ dzi! Míeyra mi tso Yehowa ƒe me. |
27 |
Yehowa enye Mawu, eye wòklẽ na mí. Mibla ŋkekenyuie vɔsalãwo kple ka de vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu! |
28 |
Nye Mawu nenye, mada akpe na wò; nye Mawu, mado wò ɖe dzi. |
29 |
Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee!
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Psalmowo 118:1 |
Psalmowo 118:2 |
Psalmowo 118:3 |
Psalmowo 118:4 |
Psalmowo 118:5 |
Psalmowo 118:6 |
Psalmowo 118:7 |
Psalmowo 118:8 |
Psalmowo 118:9 |
Psalmowo 118:10 |
Psalmowo 118:11 |
Psalmowo 118:12 |
Psalmowo 118:13 |
Psalmowo 118:14 |
Psalmowo 118:15 |
Psalmowo 118:16 |
Psalmowo 118:17 |
Psalmowo 118:18 |
Psalmowo 118:19 |
Psalmowo 118:20 |
Psalmowo 118:21 |
Psalmowo 118:22 |
Psalmowo 118:23 |
Psalmowo 118:24 |
Psalmowo 118:25 |
Psalmowo 118:26 |
Psalmowo 118:27 |
Psalmowo 118:28 |
Psalmowo 118:29 |
|
|
|
|
|
|
Psalmowo 1 / Psa 1 |
Psalmowo 2 / Psa 2 |
Psalmowo 3 / Psa 3 |
Psalmowo 4 / Psa 4 |
Psalmowo 5 / Psa 5 |
Psalmowo 6 / Psa 6 |
Psalmowo 7 / Psa 7 |
Psalmowo 8 / Psa 8 |
Psalmowo 9 / Psa 9 |
Psalmowo 10 / Psa 10 |
Psalmowo 11 / Psa 11 |
Psalmowo 12 / Psa 12 |
Psalmowo 13 / Psa 13 |
Psalmowo 14 / Psa 14 |
Psalmowo 15 / Psa 15 |
Psalmowo 16 / Psa 16 |
Psalmowo 17 / Psa 17 |
Psalmowo 18 / Psa 18 |
Psalmowo 19 / Psa 19 |
Psalmowo 20 / Psa 20 |
Psalmowo 21 / Psa 21 |
Psalmowo 22 / Psa 22 |
Psalmowo 23 / Psa 23 |
Psalmowo 24 / Psa 24 |
Psalmowo 25 / Psa 25 |
Psalmowo 26 / Psa 26 |
Psalmowo 27 / Psa 27 |
Psalmowo 28 / Psa 28 |
Psalmowo 29 / Psa 29 |
Psalmowo 30 / Psa 30 |
Psalmowo 31 / Psa 31 |
Psalmowo 32 / Psa 32 |
Psalmowo 33 / Psa 33 |
Psalmowo 34 / Psa 34 |
Psalmowo 35 / Psa 35 |
Psalmowo 36 / Psa 36 |
Psalmowo 37 / Psa 37 |
Psalmowo 38 / Psa 38 |
Psalmowo 39 / Psa 39 |
Psalmowo 40 / Psa 40 |
Psalmowo 41 / Psa 41 |
Psalmowo 42 / Psa 42 |
Psalmowo 43 / Psa 43 |
Psalmowo 44 / Psa 44 |
Psalmowo 45 / Psa 45 |
Psalmowo 46 / Psa 46 |
Psalmowo 47 / Psa 47 |
Psalmowo 48 / Psa 48 |
Psalmowo 49 / Psa 49 |
Psalmowo 50 / Psa 50 |
Psalmowo 51 / Psa 51 |
Psalmowo 52 / Psa 52 |
Psalmowo 53 / Psa 53 |
Psalmowo 54 / Psa 54 |
Psalmowo 55 / Psa 55 |
Psalmowo 56 / Psa 56 |
Psalmowo 57 / Psa 57 |
Psalmowo 58 / Psa 58 |
Psalmowo 59 / Psa 59 |
Psalmowo 60 / Psa 60 |
Psalmowo 61 / Psa 61 |
Psalmowo 62 / Psa 62 |
Psalmowo 63 / Psa 63 |
Psalmowo 64 / Psa 64 |
Psalmowo 65 / Psa 65 |
Psalmowo 66 / Psa 66 |
Psalmowo 67 / Psa 67 |
Psalmowo 68 / Psa 68 |
Psalmowo 69 / Psa 69 |
Psalmowo 70 / Psa 70 |
Psalmowo 71 / Psa 71 |
Psalmowo 72 / Psa 72 |
Psalmowo 73 / Psa 73 |
Psalmowo 74 / Psa 74 |
Psalmowo 75 / Psa 75 |
Psalmowo 76 / Psa 76 |
Psalmowo 77 / Psa 77 |
Psalmowo 78 / Psa 78 |
Psalmowo 79 / Psa 79 |
Psalmowo 80 / Psa 80 |
Psalmowo 81 / Psa 81 |
Psalmowo 82 / Psa 82 |
Psalmowo 83 / Psa 83 |
Psalmowo 84 / Psa 84 |
Psalmowo 85 / Psa 85 |
Psalmowo 86 / Psa 86 |
Psalmowo 87 / Psa 87 |
Psalmowo 88 / Psa 88 |
Psalmowo 89 / Psa 89 |
Psalmowo 90 / Psa 90 |
Psalmowo 91 / Psa 91 |
Psalmowo 92 / Psa 92 |
Psalmowo 93 / Psa 93 |
Psalmowo 94 / Psa 94 |
Psalmowo 95 / Psa 95 |
Psalmowo 96 / Psa 96 |
Psalmowo 97 / Psa 97 |
Psalmowo 98 / Psa 98 |
Psalmowo 99 / Psa 99 |
Psalmowo 100 / Psa 100 |
Psalmowo 101 / Psa 101 |
Psalmowo 102 / Psa 102 |
Psalmowo 103 / Psa 103 |
Psalmowo 104 / Psa 104 |
Psalmowo 105 / Psa 105 |
Psalmowo 106 / Psa 106 |
Psalmowo 107 / Psa 107 |
Psalmowo 108 / Psa 108 |
Psalmowo 109 / Psa 109 |
Psalmowo 110 / Psa 110 |
Psalmowo 111 / Psa 111 |
Psalmowo 112 / Psa 112 |
Psalmowo 113 / Psa 113 |
Psalmowo 114 / Psa 114 |
Psalmowo 115 / Psa 115 |
Psalmowo 116 / Psa 116 |
Psalmowo 117 / Psa 117 |
Psalmowo 118 / Psa 118 |
Psalmowo 119 / Psa 119 |
Psalmowo 120 / Psa 120 |
Psalmowo 121 / Psa 121 |
Psalmowo 122 / Psa 122 |
Psalmowo 123 / Psa 123 |
Psalmowo 124 / Psa 124 |
Psalmowo 125 / Psa 125 |
Psalmowo 126 / Psa 126 |
Psalmowo 127 / Psa 127 |
Psalmowo 128 / Psa 128 |
Psalmowo 129 / Psa 129 |
Psalmowo 130 / Psa 130 |
Psalmowo 131 / Psa 131 |
Psalmowo 132 / Psa 132 |
Psalmowo 133 / Psa 133 |
Psalmowo 134 / Psa 134 |
Psalmowo 135 / Psa 135 |
Psalmowo 136 / Psa 136 |
Psalmowo 137 / Psa 137 |
Psalmowo 138 / Psa 138 |
Psalmowo 139 / Psa 139 |
Psalmowo 140 / Psa 140 |
Psalmowo 141 / Psa 141 |
Psalmowo 142 / Psa 142 |
Psalmowo 143 / Psa 143 |
Psalmowo 144 / Psa 144 |
Psalmowo 145 / Psa 145 |
Psalmowo 146 / Psa 146 |
Psalmowo 147 / Psa 147 |
Psalmowo 148 / Psa 148 |
Psalmowo 149 / Psa 149 |
Psalmowo 150 / Psa 150 |