1 |
Mikafu Yehowa! Miɖa akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee! |
2 |
Amekae ate ŋu agblɔ Yehowa ƒe nutsuwɔwɔwo ade goe, eye wòaɖe gbe ƒã eƒe ŋkɔxɔxɔwo katã? |
3 |
Woayrã amesiwo léa se la me ɖe asi, eye wowɔa nu dzɔdzɔe ɣeawo katã ɣli. |
4 |
Yehowa, ɖo ŋku dzinye le wò amenuveve, si nèɖe fi wò dukɔ la nu; tsa wò xɔname va kpɔm ɖa, |
5 |
ne makpɔ wò ame tiatiawo ƒe dzɔgbenyuie, dzi nadzɔm ɖe wò dukɔ ƒe dzidzɔ ŋu, eye maƒo adegbe akpe ɖe wò domenyinu ŋu! |
6 |
Míewɔ nuvɔ̃ kpe ɖe mía fofowo ŋu, míeɖa vo, eye míewɔ nu vɔ̃ɖi. |
7 |
Mía fofowo melé ŋku ɖe wò nukunuwo ŋule Egipte o, womeɖo ŋu wò amenuveve geɖeawo o, eye wosẽ to le ƒu la nu, le Avaƒu la nu. |
8 |
Ke exɔ na wo le eƒe ŋkɔ la ta, ne yeaɖe eƒe ŋusẽ afia. |
9 |
Eblu ɖe Avaƒu la ta wòmle, eye wòkplɔ wo to tɔ gɔme abe tagba ene. |
10 |
Exɔ na wo tso ketɔ la si me, eye wòɖe wo mo futɔ la ƒe ŋusẽ me. |
11 |
Tsi nye tsyo woƒe adikãtɔwo dzi, wo dometɔ ɖeka hɔ̃ hã mekpɔtɔ o, |
12 |
eye woxɔ eƒe nyawo dzi se hedzi ha le eƒe kafukafu ŋu. |
13 |
Woŋlɔ eƒe dɔwɔwɔwo be kaba, eye womekpɔ eƒe tameɖoɖo sinu o. |
14 |
Wodzro nu le gbedzi, eye wote Mawu kpɔ le gbedadaƒo. |
15 |
Ewɔ woƒe didi dzi na wo, eye wòdɔ ƒuɖiɖi glaŋglaŋ ɖe wo ŋu. |
16 |
Eye woʋã ŋu Mose le asaɖa me kple Yehowa ƒe ame kɔkɔe Aron. |
17 |
Anyigba ke nu hemi Datan, eye wòtsyɔ Abiram ƒe amehawo dzi. |
18 |
Dzo bi woƒe amehawo, eye dzoƒaɖe fiã ame vɔ̃ɖiawo. |
19 |
Wowɔ nyivi le Xoreb gbɔ, eye wode ta agu na legba kɔkɔ la. |
20 |
Eye wotsɔ woƒe ŋutikɔkɔe ɖɔ li nyitsu, si ɖua gbe, ƒe nɔnɔme. |
21 |
Woƒe ŋku dzo le Mawu, woƒe xɔnametɔ ta dzi, amesi wɔ nu gãwo le Egipte, |
22 |
amesi wɔ nukunuwo le Xam-nyigba dzi kple nu dziŋɔwo le Avaƒu la nu. |
23 |
Tete wòbe, yeatsrɔ̃ wo, ɖe menye eƒe ame tiatia Mose ye tsi tre ɖe gbagbãƒe le eŋku me, ne wòafa eƒe dziku nu, be magagblẽ nu o la! |
24 |
Wodo vlo anyigba nyo la, eye womexɔ eƒe nyawo dzi se o, |
25 |
woli liʋiliʋi le woƒe agbadɔwo me, eye womeɖo to Yehowa ƒe gbe o. |
26 |
Tete wòkɔ eƒe asi dzi ɖe wo ŋu, be yeaxlã wo ɖe anyi le gbea dzi, |
27 |
yeakaka wo viwo ɖe dukɔwo dome, eye yeahlẽ wo de anyigbawo dzi. |
28 |
Woku ɖe Baal-Peor ŋu, eye woɖu eme kukuwo ƒe vɔsa, |
29 |
wotsɔ woƒe nuwɔwɔwo ɖo dziku nɛ, eye fuwɔame ɖo wo dome. |
30 |
Tete Pinexas tso hetso nyo la me, eye fuwɔame la nu tso. |
31 |
Eye wobui dzɔdzɔenyenye na eya kple eƒe dzidzimeviwo katã tegbee. |
32 |
Wodo dziku nɛ le dzrewɔtsi la gbɔ, eye le woawo la eme menyo na Mose o ɖo. |
33 |
Wodo dziku na eƒe gbɔgbɔ, eye nya ge le enu. |
34 |
Wometsrɔ̃ dukɔwo, abe alesi Yehowa gblɔe na wo ene o, |
35 |
ke boŋ wotsaka kple dukɔwo, eye wosrɔ̃ woƒe nuwɔwɔwo. |
36 |
Wosubɔ woƒe legbawo, eye wotre zu mɔ na wo, |
37 |
Eye wotsɔ woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyɔnuviwo sa vɔ na gbetsiwo. |
38 |
Wokɔ nu maɖifɔ ɖi, si nye woƒe ŋutsuvi kple woƒe nyɔnuvi, siwo wotsɔ sa vɔ na Kanaan-legbawo la, ƒe ʋu, ale be wotsɔ hlɔ̃dodo gblẽ kɔ ɖo na anyigba la. |
39 |
Wotsɔ woƒe dɔwɔwɔwo ƒo di wo ɖokui, eye wozu ame dzegowo to woƒe nuwɔwɔwo me. |
40 |
Tete Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe eƒe dukɔ la ŋu, eye wònyɔ ŋu eƒe ɖomeuyinu la. |
41 |
Etsɔ wo de asi na dukɔwo, be woƒe ketɔwo naɖu fia ɖe wo dzi. |
42 |
Woƒe futɔwo xaxa wo ɖo, ale be wobɔbɔ ɖe woƒe ŋusẽ te. |
43 |
Exɔ na wo zi geɖe; ke woawo se to le woƒe aɖaŋudedewo nu, eye woyi to le woƒe vodadawo me. |
44 |
Ekpɔ woƒe hiã la ɖa, eye wòse woƒe ɣli. |
45 |
Eɖo ŋu eƒe nubabla le wo ta, eye wòvee le eƒe amenuveve geɖe la nu. |
46 |
Eye wòna amesiwo katã ɖe aboyo wo la, kpɔ nublanui na wo. |
47 |
Yehowa, mía Mawu, xɔ na mí, eye naƒo mía nu ƒu tso dukɔwo dome, ne míakafu wò ŋkɔ kɔkɔe la, eye míatsɔ wò kafukafu aƒo adegbee! |
48 |
Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, fa, tso mavɔ me yi mavɔ me, eye dukɔ blibo la negblɔ be: Nenɔ alea, mikafu Yehowa!
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Psalmowo 106:1 |
Psalmowo 106:2 |
Psalmowo 106:3 |
Psalmowo 106:4 |
Psalmowo 106:5 |
Psalmowo 106:6 |
Psalmowo 106:7 |
Psalmowo 106:8 |
Psalmowo 106:9 |
Psalmowo 106:10 |
Psalmowo 106:11 |
Psalmowo 106:12 |
Psalmowo 106:13 |
Psalmowo 106:14 |
Psalmowo 106:15 |
Psalmowo 106:16 |
Psalmowo 106:17 |
Psalmowo 106:18 |
Psalmowo 106:19 |
Psalmowo 106:20 |
Psalmowo 106:21 |
Psalmowo 106:22 |
Psalmowo 106:23 |
Psalmowo 106:24 |
Psalmowo 106:25 |
Psalmowo 106:26 |
Psalmowo 106:27 |
Psalmowo 106:28 |
Psalmowo 106:29 |
Psalmowo 106:30 |
Psalmowo 106:31 |
Psalmowo 106:32 |
Psalmowo 106:33 |
Psalmowo 106:34 |
Psalmowo 106:35 |
Psalmowo 106:36 |
Psalmowo 106:37 |
Psalmowo 106:38 |
Psalmowo 106:39 |
Psalmowo 106:40 |
Psalmowo 106:41 |
Psalmowo 106:42 |
Psalmowo 106:43 |
Psalmowo 106:44 |
Psalmowo 106:45 |
Psalmowo 106:46 |
Psalmowo 106:47 |
Psalmowo 106:48 |
|
|
|
|
|
|
Psalmowo 1 / Psa 1 |
Psalmowo 2 / Psa 2 |
Psalmowo 3 / Psa 3 |
Psalmowo 4 / Psa 4 |
Psalmowo 5 / Psa 5 |
Psalmowo 6 / Psa 6 |
Psalmowo 7 / Psa 7 |
Psalmowo 8 / Psa 8 |
Psalmowo 9 / Psa 9 |
Psalmowo 10 / Psa 10 |
Psalmowo 11 / Psa 11 |
Psalmowo 12 / Psa 12 |
Psalmowo 13 / Psa 13 |
Psalmowo 14 / Psa 14 |
Psalmowo 15 / Psa 15 |
Psalmowo 16 / Psa 16 |
Psalmowo 17 / Psa 17 |
Psalmowo 18 / Psa 18 |
Psalmowo 19 / Psa 19 |
Psalmowo 20 / Psa 20 |
Psalmowo 21 / Psa 21 |
Psalmowo 22 / Psa 22 |
Psalmowo 23 / Psa 23 |
Psalmowo 24 / Psa 24 |
Psalmowo 25 / Psa 25 |
Psalmowo 26 / Psa 26 |
Psalmowo 27 / Psa 27 |
Psalmowo 28 / Psa 28 |
Psalmowo 29 / Psa 29 |
Psalmowo 30 / Psa 30 |
Psalmowo 31 / Psa 31 |
Psalmowo 32 / Psa 32 |
Psalmowo 33 / Psa 33 |
Psalmowo 34 / Psa 34 |
Psalmowo 35 / Psa 35 |
Psalmowo 36 / Psa 36 |
Psalmowo 37 / Psa 37 |
Psalmowo 38 / Psa 38 |
Psalmowo 39 / Psa 39 |
Psalmowo 40 / Psa 40 |
Psalmowo 41 / Psa 41 |
Psalmowo 42 / Psa 42 |
Psalmowo 43 / Psa 43 |
Psalmowo 44 / Psa 44 |
Psalmowo 45 / Psa 45 |
Psalmowo 46 / Psa 46 |
Psalmowo 47 / Psa 47 |
Psalmowo 48 / Psa 48 |
Psalmowo 49 / Psa 49 |
Psalmowo 50 / Psa 50 |
Psalmowo 51 / Psa 51 |
Psalmowo 52 / Psa 52 |
Psalmowo 53 / Psa 53 |
Psalmowo 54 / Psa 54 |
Psalmowo 55 / Psa 55 |
Psalmowo 56 / Psa 56 |
Psalmowo 57 / Psa 57 |
Psalmowo 58 / Psa 58 |
Psalmowo 59 / Psa 59 |
Psalmowo 60 / Psa 60 |
Psalmowo 61 / Psa 61 |
Psalmowo 62 / Psa 62 |
Psalmowo 63 / Psa 63 |
Psalmowo 64 / Psa 64 |
Psalmowo 65 / Psa 65 |
Psalmowo 66 / Psa 66 |
Psalmowo 67 / Psa 67 |
Psalmowo 68 / Psa 68 |
Psalmowo 69 / Psa 69 |
Psalmowo 70 / Psa 70 |
Psalmowo 71 / Psa 71 |
Psalmowo 72 / Psa 72 |
Psalmowo 73 / Psa 73 |
Psalmowo 74 / Psa 74 |
Psalmowo 75 / Psa 75 |
Psalmowo 76 / Psa 76 |
Psalmowo 77 / Psa 77 |
Psalmowo 78 / Psa 78 |
Psalmowo 79 / Psa 79 |
Psalmowo 80 / Psa 80 |
Psalmowo 81 / Psa 81 |
Psalmowo 82 / Psa 82 |
Psalmowo 83 / Psa 83 |
Psalmowo 84 / Psa 84 |
Psalmowo 85 / Psa 85 |
Psalmowo 86 / Psa 86 |
Psalmowo 87 / Psa 87 |
Psalmowo 88 / Psa 88 |
Psalmowo 89 / Psa 89 |
Psalmowo 90 / Psa 90 |
Psalmowo 91 / Psa 91 |
Psalmowo 92 / Psa 92 |
Psalmowo 93 / Psa 93 |
Psalmowo 94 / Psa 94 |
Psalmowo 95 / Psa 95 |
Psalmowo 96 / Psa 96 |
Psalmowo 97 / Psa 97 |
Psalmowo 98 / Psa 98 |
Psalmowo 99 / Psa 99 |
Psalmowo 100 / Psa 100 |
Psalmowo 101 / Psa 101 |
Psalmowo 102 / Psa 102 |
Psalmowo 103 / Psa 103 |
Psalmowo 104 / Psa 104 |
Psalmowo 105 / Psa 105 |
Psalmowo 106 / Psa 106 |
Psalmowo 107 / Psa 107 |
Psalmowo 108 / Psa 108 |
Psalmowo 109 / Psa 109 |
Psalmowo 110 / Psa 110 |
Psalmowo 111 / Psa 111 |
Psalmowo 112 / Psa 112 |
Psalmowo 113 / Psa 113 |
Psalmowo 114 / Psa 114 |
Psalmowo 115 / Psa 115 |
Psalmowo 116 / Psa 116 |
Psalmowo 117 / Psa 117 |
Psalmowo 118 / Psa 118 |
Psalmowo 119 / Psa 119 |
Psalmowo 120 / Psa 120 |
Psalmowo 121 / Psa 121 |
Psalmowo 122 / Psa 122 |
Psalmowo 123 / Psa 123 |
Psalmowo 124 / Psa 124 |
Psalmowo 125 / Psa 125 |
Psalmowo 126 / Psa 126 |
Psalmowo 127 / Psa 127 |
Psalmowo 128 / Psa 128 |
Psalmowo 129 / Psa 129 |
Psalmowo 130 / Psa 130 |
Psalmowo 131 / Psa 131 |
Psalmowo 132 / Psa 132 |
Psalmowo 133 / Psa 133 |
Psalmowo 134 / Psa 134 |
Psalmowo 135 / Psa 135 |
Psalmowo 136 / Psa 136 |
Psalmowo 137 / Psa 137 |
Psalmowo 138 / Psa 138 |
Psalmowo 139 / Psa 139 |
Psalmowo 140 / Psa 140 |
Psalmowo 141 / Psa 141 |
Psalmowo 142 / Psa 142 |
Psalmowo 143 / Psa 143 |
Psalmowo 144 / Psa 144 |
Psalmowo 145 / Psa 145 |
Psalmowo 146 / Psa 146 |
Psalmowo 147 / Psa 147 |
Psalmowo 148 / Psa 148 |
Psalmowo 149 / Psa 149 |
Psalmowo 150 / Psa 150 |