1 |
Kpɔ ɖa, eƒe mɔkpɔkpɔ azu dzodzro: ne ekpɔe tete ko la, aɖo baba ɖe anyi. |
2 |
Amea ɖeke meɖoa nu tamee, be wòaʋuʋui o; eye ameka ate ŋu anɔ te ɖe nunya? |
3 |
Ameka tre nu nanam, ne maɖo eteƒe nɛ? Nusiwo le dziƒo blibo la te la, tɔnye wonye. |
4 |
Nyemazi ɖoɖoe le eƒe ŋutinuwo, eƒe ŋusẽ gbogboawo kple eƒe nɔnɔme dzeani la ŋu o. |
5 |
Ameka aklo ava le eŋu, eye ameka aɖo eƒe aɖuwo domee? |
6 |
Ameka aʋu eƒe ŋku me ʋɔtruwo? Ŋɔdzi ƒo xlã eƒe aɖuwo. |
7 |
Eƒe akpoxɔnu trikpawo nye adegbeƒonu, eye wolè ɖe wo nɔewo ŋu kpaɖikpãɖi. |
8 |
Womimi ɖe wo nɔewo ŋu, ale be ya metoa wo domee o. |
9 |
Ɖesiaɖe ku ɖe nɔvia ŋu, eye wode alɔ wo nɔewo me, ale be womate ŋu amã o. |
10 |
Eƒe nyenyẽ kea dzo, eye eƒe ŋkuwo le abe agudzedze ƒe aɖabawo ene. |
11 |
Kakati bibiwo dona tsoa eƒe nu me, eye dzoxiwo hlẽna ŋeŋeŋe. |
12 |
Dzudzɔ dona tsoa eƒe ŋɔti me, abe alesi wòdona tsoa ze, si te wotsɔ keti do dzo ɖo wòle fiefiẽm la me ene. |
13 |
Ne egbɔ la, akawo léa dzo, eye dzoƒaɖewo dona tsoa eƒe nu me. |
14 |
Ŋusẽ le eƒe kɔ me, eye ŋɔdzi le ɣe ɖum le eŋgɔ. |
15 |
Eƒe dɔyi medzɔ gblɔyi o, ke boŋ edo akpa ɖe eŋu kpaɖikpaɖi. |
16 |
Eƒe dzi do akpa abe kpe ene, edo akpa abe te ene, |
17 |
Ne etso la, dzidzi ƒoa ŋusẽtɔwo, eye ŋɔdzi nana woluluna. |
18 |
Ne wotsɔ lãnu ɖe eŋu, eɖanye yi alo akplɔ o, eɖanye fiavi alo aŋutrɔ o la, exɔa akpo. |
19 |
Ebua ga yibɔ abe gbe ƒuƒu ene kple akɔbli abe ati nyunyɔ ene. |
20 |
Aŋutrɔ menyãnɛ o, eye akafokpewo nɔna nɛ ahe ahɔ̃liti ene. |
21 |
Ebua kpoviakpoe abe ahɔ̃liti ene, eye ne akplɔ le ʋɔ lũm la, eɖia kokoe nɛ. |
22 |
Eƒe dɔmegbɔ nye sonugaglɛ ɖaɖɛwo, eye wòɖena ɖe ba me abe luƒotasiaɖam ene. |
23 |
Enana tɔ gɔme fiẽna wlɔwlɔwlɔ abe nuɖaze me ene, eye wòblua atsiaƒu abe amiɖaze me ene. |
24 |
Eyome dea mumutsi, eye tɔa dzi funa tii. |
25 |
Etɔgbea ɖeke mele anyigba dzi o; nuwɔwɔ, si ŋɔ medzina o la, wònye. |
26 |
Eklẽa ŋku ɖe nu gãwo katã; eya nye fia ɖe lã ɖaɖadzratvo katã dzi.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Hiob 41:1 |
Hiob 41:2 |
Hiob 41:3 |
Hiob 41:4 |
Hiob 41:5 |
Hiob 41:6 |
Hiob 41:7 |
Hiob 41:8 |
Hiob 41:9 |
Hiob 41:10 |
Hiob 41:11 |
Hiob 41:12 |
Hiob 41:13 |
Hiob 41:14 |
Hiob 41:15 |
Hiob 41:16 |
Hiob 41:17 |
Hiob 41:18 |
Hiob 41:19 |
Hiob 41:20 |
Hiob 41:21 |
Hiob 41:22 |
Hiob 41:23 |
Hiob 41:24 |
Hiob 41:25 |
Hiob 41:26 |
|
|
|
|
|
|
Hiob 1 / Hio 1 |
Hiob 2 / Hio 2 |
Hiob 3 / Hio 3 |
Hiob 4 / Hio 4 |
Hiob 5 / Hio 5 |
Hiob 6 / Hio 6 |
Hiob 7 / Hio 7 |
Hiob 8 / Hio 8 |
Hiob 9 / Hio 9 |
Hiob 10 / Hio 10 |
Hiob 11 / Hio 11 |
Hiob 12 / Hio 12 |
Hiob 13 / Hio 13 |
Hiob 14 / Hio 14 |
Hiob 15 / Hio 15 |
Hiob 16 / Hio 16 |
Hiob 17 / Hio 17 |
Hiob 18 / Hio 18 |
Hiob 19 / Hio 19 |
Hiob 20 / Hio 20 |
Hiob 21 / Hio 21 |
Hiob 22 / Hio 22 |
Hiob 23 / Hio 23 |
Hiob 24 / Hio 24 |
Hiob 25 / Hio 25 |
Hiob 26 / Hio 26 |
Hiob 27 / Hio 27 |
Hiob 28 / Hio 28 |
Hiob 29 / Hio 29 |
Hiob 30 / Hio 30 |
Hiob 31 / Hio 31 |
Hiob 32 / Hio 32 |
Hiob 33 / Hio 33 |
Hiob 34 / Hio 34 |
Hiob 35 / Hio 35 |
Hiob 36 / Hio 36 |
Hiob 37 / Hio 37 |
Hiob 38 / Hio 38 |
Hiob 39 / Hio 39 |
Hiob 40 / Hio 40 |
Hiob 41 / Hio 41 |
Hiob 42 / Hio 42 |