1 |
Eye Yehowa ɖo ŋu na Hiob le dziya me gblɔ bena: |
2 |
Amekae tsɔ nuƒoƒo, si nunyaa ɖeke mele eme o la, blu aɖaŋuɖoɖo mee? |
3 |
Tso, nasa avɔ ɖe ali abe ŋutsu ene; mabia nya wò, eye nafia num! |
4 |
Afika nènɔ, esime meɖo anyigba gɔme anyi? Ne nunya le tagbɔ na wò la, ekema gblɔe! |
5 |
Ameka ɖo eƒe dzidzeme? Enyae tso! Alo ameka da dzidzeka nɛ? |
6 |
Nuka dzi wodo egɔme anyi do, eye ameka ɖo eƒe dzogoedzikpe, |
7 |
esime ŋukeɣletiviwo katã le aseye tsom, eye Mawu ƒe viwo katã gli kple dzidzɔa? |
8 |
Ameka tso ʋɔtruwo xe mɔ na atsiaƒu, esime wòdo tso vidzidɔ me? |
9 |
Esime metsyɔ alilikpo nɛ, eye medzii goŋgoŋ ɖe blukɔ me; |
10 |
meɖo liƒo nɛ, eye mede gameti kple agbo enu |
11 |
hegblɔ bena: Afii nava se ɖo, eye mayi ŋgɔ o; eye afii wò tsotsoe kpakawo aƒo ɖoa? |
12 |
Le wò agbe me ŋkekewo me la, ɖe nèɖe se na ŋɖi kpɔ, eye néfia agudzedze ƒe nɔƒee, |
13 |
ne wòalé anyigbatoga aʋuʋu ame vɔ̃ɖiwo ɖa le eŋua? |
14 |
Etrɔna abe tsu, si wonyã ene, eye nɔnɔmewo tsia anyi abe avɔ ene. |
15 |
Woaxɔ kekeli le ame vɔ̃ɖi si, eye woaŋe abɔ, si woɖo ɖe dzi la. |
16 |
Ɖe nede atsiaƒu dzɔƒe, eye nèzɔ egɔme kpɔa? |
17 |
De woʋu ku ƒe agbo na wò, eye nekpɔ blukɔ tsiɖitsiɖi ƒe agbo kpɔa? |
18 |
Ekpɔ anyigba ƒe kekemea? Ne enya nusiawo katã la, gblɔe! |
19 |
Kekeli gbɔ mɔ ɖe, eye afika nye viviti ƒe nɔƒe, |
20 |
ne nakplɔ wo ayi woƒe liƒo dzii, eye nanya woƒe aƒe gbɔ mɔa? |
21 |
Enyae tso, elabena ɣemaɣi wodzi wò, eye wò ŋkekewo ƒe xexlẽme sɔ gbɔ! |
22 |
Ɖe nède afisi wodzra sno ɖo, eye nèkpɔ afisi woƒo dzikpewo nu ƒu do, |
23 |
esiwo metu do ɖe xaxaɣi, avuwɔgbe kple aʋakpegbe ŋua? |
24 |
Mɔ ka kekeli mãna tona, eye afika ɣedzeƒeya tona kakana ɖe anyigba dzi? |
25 |
Ameka ɖo toƒe na tsidzadza gãwo kple mɔ na dziɖegbe kple dzikedzo, |
26 |
ne tsi nadze ɖe anyigba, si dzi amegbetɔ mele o, kple gbedadaƒo, afisi amea ɖeke mele o, |
27 |
ne woana tagba kple gbegbe naɖi kɔ, eye gbe mumu namie? |
28 |
Ɖe fofo li na tsidzadza, eye zãmũ ƒe tagegewo la, ameka dzi wo? |
29 |
Ameka ƒe dɔ mee tsi babla tso, eye ameka dzi dziƒo ƒe miãtsi bablawo? |
30 |
Tsiwo lía abe kpe ene, eye tɔwo ŋgɔ bla ɖekae. |
31 |
Wòe saa atifieŋuwo ƒe ka, alo wòe ɖea ka avũ kple avũtɔa? |
32 |
Wòe kplɔa ŋukeɣletivi doa goe, eye wòe kplɔa koklovinɔ kple viawoa? |
33 |
Enya dziƒo ƒe sewoa, alo wòe ɖoa eƒe dziɖuɖu ɖe anyigba dzia? |
34 |
A le ŋu aɖe gbe na alilikpo be, tsi geɖe nanyẽ atsyɔ dziwòa? |
35 |
Ate ŋu ada dzikedzowo, eye woayi ava gblɔ na wò be: Míawoe nye esia? |
36 |
Ameka tsɔ nunya ɖo alilikpo tsiɖitsiɖi me, eye ameka na gɔmesese yamenuwo? |
37 |
Ameka tsɔ nunya xlẽ alilikpowoe, eye ameka trɔ dziƒotsigoewo ƒo ɖe anyi, |
38 |
ale be anyigba wɔ agbi heƒuna, eye anyikɔwo léna ɖe wo nɔewo ŋu? |
39 |
Wòe kaa ade na dzatanɔ, eye nèfaa dɔwuame nu na dzataviwo, |
40 |
ne wotsyɔ akɔ anyi ɖe dowo me, eye wode xa ɖe avedodoewo mea? |
41 |
Ameka ɖaa nuɖuɖu na akpaviã, ne viawo le ɣli dom na Mawu, eye wole tsa glãla tsam nuɖuɖu makpɔmakpɔe?
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Hiob 38:1 |
Hiob 38:2 |
Hiob 38:3 |
Hiob 38:4 |
Hiob 38:5 |
Hiob 38:6 |
Hiob 38:7 |
Hiob 38:8 |
Hiob 38:9 |
Hiob 38:10 |
Hiob 38:11 |
Hiob 38:12 |
Hiob 38:13 |
Hiob 38:14 |
Hiob 38:15 |
Hiob 38:16 |
Hiob 38:17 |
Hiob 38:18 |
Hiob 38:19 |
Hiob 38:20 |
Hiob 38:21 |
Hiob 38:22 |
Hiob 38:23 |
Hiob 38:24 |
Hiob 38:25 |
Hiob 38:26 |
Hiob 38:27 |
Hiob 38:28 |
Hiob 38:29 |
Hiob 38:30 |
Hiob 38:31 |
Hiob 38:32 |
Hiob 38:33 |
Hiob 38:34 |
Hiob 38:35 |
Hiob 38:36 |
Hiob 38:37 |
Hiob 38:38 |
Hiob 38:39 |
Hiob 38:40 |
Hiob 38:41 |
|
|
|
|
|
|
Hiob 1 / Hio 1 |
Hiob 2 / Hio 2 |
Hiob 3 / Hio 3 |
Hiob 4 / Hio 4 |
Hiob 5 / Hio 5 |
Hiob 6 / Hio 6 |
Hiob 7 / Hio 7 |
Hiob 8 / Hio 8 |
Hiob 9 / Hio 9 |
Hiob 10 / Hio 10 |
Hiob 11 / Hio 11 |
Hiob 12 / Hio 12 |
Hiob 13 / Hio 13 |
Hiob 14 / Hio 14 |
Hiob 15 / Hio 15 |
Hiob 16 / Hio 16 |
Hiob 17 / Hio 17 |
Hiob 18 / Hio 18 |
Hiob 19 / Hio 19 |
Hiob 20 / Hio 20 |
Hiob 21 / Hio 21 |
Hiob 22 / Hio 22 |
Hiob 23 / Hio 23 |
Hiob 24 / Hio 24 |
Hiob 25 / Hio 25 |
Hiob 26 / Hio 26 |
Hiob 27 / Hio 27 |
Hiob 28 / Hio 28 |
Hiob 29 / Hio 29 |
Hiob 30 / Hio 30 |
Hiob 31 / Hio 31 |
Hiob 32 / Hio 32 |
Hiob 33 / Hio 33 |
Hiob 34 / Hio 34 |
Hiob 35 / Hio 35 |
Hiob 36 / Hio 36 |
Hiob 37 / Hio 37 |
Hiob 38 / Hio 38 |
Hiob 39 / Hio 39 |
Hiob 40 / Hio 40 |
Hiob 41 / Hio 41 |
Hiob 42 / Hio 42 |