1 |
Ẽ, esia na nye dzi lã kpokpokpo, eye wòbu ɖe dɔ me nam. |
2 |
Oo, mise eƒe gbeɖeɖe hoo kple bublu, si dona tsoa eƒe nu me la ɖa! |
3 |
Eɖea asi eŋu ɖona ɖe dziƒo blibo la te, eye eƒe dzikedzo dea anyigba ƒe mlɔeanu. |
4 |
Emegbe wòxlɔ̃na, eye wòɖea gbe fiatɔe, naneke mexea mɔ nɛ o, ke boŋ wosea eƒe gbe. |
5 |
Mawu ɖea gbe nukutɔe, ewɔa nu gã, si mele nyanya me o. |
6 |
Elabena egblɔna na sno bena: Dza ɖe anyigba dzi! eye na tsidzadza gã be: Ɖuɖu yoo! |
7 |
Enana amewo katã dea asi asitɛ me, ne amegbetɔwo katã nadze si eƒe nuwɔwɔ. |
8 |
Gbemelã yia bebeƒe, eye wògbɔna ɖe eme le emlɔƒe. |
9 |
Ahom tsoa dziehe, eye vuvɔ tsoa anyiehe. |
10 |
Mawu ƒe ƒuƒu nana tsi blana, eye tɔ kekewo ƒoa ƒu ɖeka. |
11 |
Etsɔa tsi ɖoa agba na alilikpowo, eye eƒe dzikedzo kakaa alilikpowo me, |
12 |
eye wòtrɔna ƒoa xlã godoo le eƒe kpɔkplɔ nu, ne wòawɔ nusiwo katã woɖo nɛ la le anyigba bliboa dzi. |
13 |
Enana wòvana, ne wòatsɔe ahe to na anyigba dzi nɔlawo loo, alo ne wòawɔ dɔmenyo na woe. |
14 |
Hiob, lé to de esia ŋu, zi ɖoɖoe, eye nalé ŋku de Mawu ƒe nukunuwo ŋu! |
15 |
Enya alesi Mawu dɔa dɔwoe, eye wònana kekeli dona tsoa eƒe alilikpowo mea? |
16 |
Ɖe enya alesi alilikpowo nɔa agba sami, nusi nye nunyala ŋutɔŋutɔ ƒe nukunuwɔwɔa? |
17 |
Wo, amesi ƒe awuwo xɔa dzo, nenye be, dzieheya na anyigba ɖo ho anyi la, |
18 |
mi kpakpliie xa dziŋgɔli, si le abe ahuhɔ̃e, si wokɔ ene la gobaa? |
19 |
To nusi míaɖagblɔ nɛ la, na mi! Elabena míate ŋu ahe nyaa ɖeke ayi eŋku mee o le míaƒe viviti la ta. |
20 |
Ɖe woaɖagblɔ nɛ be, mele nu ƒo gea? Alo ɖe amea ɖe bi be, woatsrɔ̃ea? |
21 |
Eye azɔ womele kekeli, si le keklẽm le alilikpowo me la, kpɔm o; ke ne ya ƒo to edzi la, eŋu kɔna. |
22 |
Sika tsoa anyiehe, eye atsyɔ̃ɖoɖo, si dzia ŋɔ la, le Mawu ŋu. |
23 |
Ŋusẽkatãtɔ la, amea ɖeke matui o, eƒe ŋusẽ tri akɔ, ke metea se kple dzɔdzɔenyenye blibo ɖe to o. |
24 |
Eyata amegbetɔ navɔ̃e. Meléa ŋku ɖe amesiwo katã bua wo ɖokui nunyalawoe la ŋu o.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Hiob 37:1 |
Hiob 37:2 |
Hiob 37:3 |
Hiob 37:4 |
Hiob 37:5 |
Hiob 37:6 |
Hiob 37:7 |
Hiob 37:8 |
Hiob 37:9 |
Hiob 37:10 |
Hiob 37:11 |
Hiob 37:12 |
Hiob 37:13 |
Hiob 37:14 |
Hiob 37:15 |
Hiob 37:16 |
Hiob 37:17 |
Hiob 37:18 |
Hiob 37:19 |
Hiob 37:20 |
Hiob 37:21 |
Hiob 37:22 |
Hiob 37:23 |
Hiob 37:24 |
|
|
|
|
|
|
Hiob 1 / Hio 1 |
Hiob 2 / Hio 2 |
Hiob 3 / Hio 3 |
Hiob 4 / Hio 4 |
Hiob 5 / Hio 5 |
Hiob 6 / Hio 6 |
Hiob 7 / Hio 7 |
Hiob 8 / Hio 8 |
Hiob 9 / Hio 9 |
Hiob 10 / Hio 10 |
Hiob 11 / Hio 11 |
Hiob 12 / Hio 12 |
Hiob 13 / Hio 13 |
Hiob 14 / Hio 14 |
Hiob 15 / Hio 15 |
Hiob 16 / Hio 16 |
Hiob 17 / Hio 17 |
Hiob 18 / Hio 18 |
Hiob 19 / Hio 19 |
Hiob 20 / Hio 20 |
Hiob 21 / Hio 21 |
Hiob 22 / Hio 22 |
Hiob 23 / Hio 23 |
Hiob 24 / Hio 24 |
Hiob 25 / Hio 25 |
Hiob 26 / Hio 26 |
Hiob 27 / Hio 27 |
Hiob 28 / Hio 28 |
Hiob 29 / Hio 29 |
Hiob 30 / Hio 30 |
Hiob 31 / Hio 31 |
Hiob 32 / Hio 32 |
Hiob 33 / Hio 33 |
Hiob 34 / Hio 34 |
Hiob 35 / Hio 35 |
Hiob 36 / Hio 36 |
Hiob 37 / Hio 37 |
Hiob 38 / Hio 38 |
Hiob 39 / Hio 39 |
Hiob 40 / Hio 40 |
Hiob 41 / Hio 41 |
Hiob 42 / Hio 42 |