1 |
Eye Hiob ɖo ŋu gblɔ bena: |
2 |
Ɣekaɣi mianɔ nuxaxa dom na nyee luʋɔ, eye miatsɔ nyawo agbãm nyanyanya ase ɖo? |
3 |
Zi ewo sɔŋ enye si mieɖo vlom, eye ŋu mele mia kpem, be míele funyafunya wɔmem o! |
4 |
Eye nenye vavãe metra la, ekema nye tatra la le nye ɖeka dzinye. |
5 |
Nenyo vavãe míebe, yewoawɔ mia ɖokui ga ɖe ŋunye, eye miafia nye ŋukpem la, |
6 |
ekema minyae be, Mawu wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe ŋunye, eye wòda ɖɔ ɖe ŋunye godoo va kpe. |
7 |
Kpɔ ɖa, meyɔ ame le ŋutasesẽ ta, gake wometɔ nam o; meɖo ɣli le xɔname ŋuti, ke wometso nam o. |
8 |
Etɔ kpɔ ɖe nye mɔ dzi, efɔflɔ meli o, eye wòlɔ viviti ƒo ɖe nye afɔtoƒewo. |
9 |
Eklo nye bubu ɖa le ŋunye, eye wòɖe fiakuku le ta nam. |
10 |
Egbãm keŋkeŋ, eye nyemegali o, eye wòho nye mɔkpɔkpɔ abe ati ene. |
11 |
Ena eƒe dɔmedzoe bi ɖe ŋunye, eye wòbum abe eƒe futɔwo ene. |
12 |
Tete eƒe adzohawo ɖo, woɖe mɔ ɖe ŋunye, eye woƒu asaɖa anyi ɖe nye agbaɖɔ ŋu godoo va kpe. |
13 |
Eɖe nɔvinyeŋutsuwo ɖa le ŋunye, eye xɔ̃nyewo trɔ bubui ɖem keŋ. |
14 |
Nye ƒometɔwo gbe nye nya, eye nye ame nyanyɛwo ŋlɔm be. |
15 |
Nye aƒemetɔwo kple nye dɔlanyɔnuwo le buyem amedzroe, eye mezu ame tutɔ le woƒe ŋku me. |
16 |
Meyɔ nye dɔlaŋutsu, metɔ o, eye ele nam be, matsɔ nye nu aƒo koko nɛ. |
17 |
Nye nume le ʋeʋẽm ɖe srɔ̃nye, eye mele ya ɖem ɖe nye alimeviwo. |
18 |
Ɖeviwo ke ha le vlo domem, eye ne mebe, metso la, wonɔa nu ƒom le ŋunye. |
19 |
Xɔ̃nye veviwo le ŋunyɔmem, eye amesiwo melɔ̃na la, tso ɖe ŋunye. |
20 |
Nye ŋutigbalẽ kple nye ŋutilã le ɖe nye ƒu ŋu, negbe nye nye koe kpɔtɔ. |
21 |
Mive nunye, xɔ̃nyewo, mive nunye! Elabena Mawu ƒe asi ƒoni. |
22 |
Nukaŋuti miele yonyeme tim abe Mawu ene, eye nye ŋutilã meɖi ƒo na mi kpɔ oa? |
23 |
Oo, ɖe woaŋlɔ nye nyawo ɖi, eye woade wo agbalẽ me, |
24 |
woatsɔ ganuŋlɔnu aɖe wo ɖe agakpe dzi, eye woade wo me, kple tsumi! |
25 |
Ke nyea menyae be, nye xɔnametɔ le agbe, eye mlɔe ke la ado ɖe anyigba me. |
26 |
Eye ne nye ŋutilã vuvu yaʋayaʋa, eye nye ŋutilã megali o la, makpɔ Mawu. |
27 |
Makpɔe na ɖokuinye, nye ŋutɔ nye ŋkuwo akpɔe, eye menye ame bubu o. Ele nye ayikuwo dzrom le dɔ me. |
28 |
Ne miegblɔ be, aleke míawɔ ati eyome? eye be: nya la ƒe agunu le gbɔnye la, |
29 |
ekema yi netso dzika ƒo na mi; elabena yi wotsɔna hea to na vodada sia tɔgbe; ne mianyae be, ʋɔnudɔdrɔ̃ li.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Hiob 19:1 |
Hiob 19:2 |
Hiob 19:3 |
Hiob 19:4 |
Hiob 19:5 |
Hiob 19:6 |
Hiob 19:7 |
Hiob 19:8 |
Hiob 19:9 |
Hiob 19:10 |
Hiob 19:11 |
Hiob 19:12 |
Hiob 19:13 |
Hiob 19:14 |
Hiob 19:15 |
Hiob 19:16 |
Hiob 19:17 |
Hiob 19:18 |
Hiob 19:19 |
Hiob 19:20 |
Hiob 19:21 |
Hiob 19:22 |
Hiob 19:23 |
Hiob 19:24 |
Hiob 19:25 |
Hiob 19:26 |
Hiob 19:27 |
Hiob 19:28 |
Hiob 19:29 |
|
|
|
|
|
|
Hiob 1 / Hio 1 |
Hiob 2 / Hio 2 |
Hiob 3 / Hio 3 |
Hiob 4 / Hio 4 |
Hiob 5 / Hio 5 |
Hiob 6 / Hio 6 |
Hiob 7 / Hio 7 |
Hiob 8 / Hio 8 |
Hiob 9 / Hio 9 |
Hiob 10 / Hio 10 |
Hiob 11 / Hio 11 |
Hiob 12 / Hio 12 |
Hiob 13 / Hio 13 |
Hiob 14 / Hio 14 |
Hiob 15 / Hio 15 |
Hiob 16 / Hio 16 |
Hiob 17 / Hio 17 |
Hiob 18 / Hio 18 |
Hiob 19 / Hio 19 |
Hiob 20 / Hio 20 |
Hiob 21 / Hio 21 |
Hiob 22 / Hio 22 |
Hiob 23 / Hio 23 |
Hiob 24 / Hio 24 |
Hiob 25 / Hio 25 |
Hiob 26 / Hio 26 |
Hiob 27 / Hio 27 |
Hiob 28 / Hio 28 |
Hiob 29 / Hio 29 |
Hiob 30 / Hio 30 |
Hiob 31 / Hio 31 |
Hiob 32 / Hio 32 |
Hiob 33 / Hio 33 |
Hiob 34 / Hio 34 |
Hiob 35 / Hio 35 |
Hiob 36 / Hio 36 |
Hiob 37 / Hio 37 |
Hiob 38 / Hio 38 |
Hiob 39 / Hio 39 |
Hiob 40 / Hio 40 |
Hiob 41 / Hio 41 |
Hiob 42 / Hio 42 |