1 |
Ale wowu dziƒo kple anyigba kple wo me nu gbogboawo katã nu enye si. |
2 |
Eye Mawu wu eƒe ɖo, si wòwɔ la nu le ŋkeke adreagbe, eye wòdzudzɔ le ŋkeke adreagbe tso eƒe do, siwo katã wòwɔ la me. |
3 |
Eye Mawu yra ŋkeke adrelia, eye wòkɔ eŋuti, elabena eya dzi wòdzudzɔ eɖokui le tso eƒe dɔwɔwɔ, siwo katã Mawu wɔ, eye wòna wodo la me. |
4 |
Esia nye dziƒo kple anyigba ƒe dzɔdzɔmenyawo le wo wɔwɔ me le ɣeyiɣi, si me Yehowa Mawu wo anyigba kple dziƒo. |
5 |
Ke gbemetia ɖeke mele anyigba dzi haɖe o, eye nu miemiea ɖeke medo ɖe gbe me haɖe o; elabena Yehowa Mawu mena tsi dza ɖe anyigba dzi haɖe o, eye ame meli ade anyigba la o. |
6 |
Eye afu do tso anyigba dzi, eye wònyɔ ɖe anyigba la katã ƒe ŋku me. |
7 |
Azã Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe. |
8 |
Tete Yehowa Mawu tso abɔ ɖe Eden le ɣedzeƒe, eye wotsɔ ame, si wòmè la, ɖo afima. |
9 |
Eye Yehowa Mawu na ati vovovo, siwo nya kpɔna, siwo ƒe tsetse nyo na ɖuɖu la, mie tso anyigba me; eye agbeti la kpakple sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe ati la le abɔ la titina. |
10 |
Eye tɔsisia ɖe do tso Eden, be woade tsi abɔ la; eye tso afima wòdze ɖe alɔ ene me. |
11 |
Gbãtɔ ŋkɔ nye Pison; eƒo xlã Xawila-nyigba blibo la katã; afima sika le; |
12 |
eye anyigba sia ƒe sika nyo ŋutɔ; afima bedolax- kple soham-kpe hã le. |
13 |
Tɔsisi evelia ŋkɔ nye Gixon; eƒo xlã Kus-nyigba blibo la katã. |
14 |
Tɔsisi etɔ̃lia ŋkɔ nye Xidekel; esi to Asur ƒe ɣedzeƒe gome. Eye tɔsisi enelia nye Frat. |
15 |
Eye Yehowa Mawu tsɔ ame la ɖo Eɖen-bɔ me, be woaŋlɔ eme, eye wòakpɔ edzi. |
16 |
Eye Yehowa Mawu de se na ame gblɔ bena: Ɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetse faa; |
17 |
ke ati, si na wodzea si nyui kple vɔ la, megaɖu eya ƒe tsetsea ɖeke o; gbesigbe naɖu eƒe ɖe, ku ke naku. |
18 |
Eye Yehowa Mawu gblɔ bena: Menyo bena ame la natsi akogo o; mawɔ kpeɖeŋutɔ, si asɔ ɖe eŋu la nɛ. |
19 |
Tete Yehowa Mawu tsɔ anyi mè gbemelãwo katã kple dziƒoxe dzodzoewo katã, eye wòkplɔ wo va amea gbɔe, be yeakpɔ alesi wòayɔ woe; eye alesi ame la yɔ nu gbagbeawoe la, nenema anye woƒe ŋkɔ. |
20 |
Eye ame la tsɔ ŋkɔ na aƒemelãwo katã kple dziƒoxe dzodzoewo kpakple gbemelãwo katã; ke amea ya mekpɔ kpeɖeŋutɔ, si asɔ nɛ o. |
21 |
Eye Yehowa Mawu na ame dɔ alɔ̃ yi me ʋĩ, eye wòɖe eƒe agbaƒutiwo dometɔ ɖeka, eye wotsɔ lã ɖo eteƒe. |
22 |
Tete Yehowa Mawu tsɔ agbaƒuti, si wòɖe le amea me la, wɔ nyɔnui, eye wòkplɔe va ame la gbɔe. |
23 |
Eye ame la gblɔ be: Azɔ ko! Esia enye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lã me; woayɔ ame sia bena nyɔnu, elabena ŋutsu mee woɖee tsoe. |
24 |
Eya ŋuti ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka. |
25 |
Eye wo kpakple eve la wole ƒeƒle, ame la kple srɔ̃a, eye ŋu mekpea wo o.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
1 Mose 2:1 |
1 Mose 2:2 |
1 Mose 2:3 |
1 Mose 2:4 |
1 Mose 2:5 |
1 Mose 2:6 |
1 Mose 2:7 |
1 Mose 2:8 |
1 Mose 2:9 |
1 Mose 2:10 |
1 Mose 2:11 |
1 Mose 2:12 |
1 Mose 2:13 |
1 Mose 2:14 |
1 Mose 2:15 |
1 Mose 2:16 |
1 Mose 2:17 |
1 Mose 2:18 |
1 Mose 2:19 |
1 Mose 2:20 |
1 Mose 2:21 |
1 Mose 2:22 |
1 Mose 2:23 |
1 Mose 2:24 |
1 Mose 2:25 |
|
|
|
|
|
|
1 Mose 1 / 1Mo 1 |
1 Mose 2 / 1Mo 2 |
1 Mose 3 / 1Mo 3 |
1 Mose 4 / 1Mo 4 |
1 Mose 5 / 1Mo 5 |
1 Mose 6 / 1Mo 6 |
1 Mose 7 / 1Mo 7 |
1 Mose 8 / 1Mo 8 |
1 Mose 9 / 1Mo 9 |
1 Mose 10 / 1Mo 10 |
1 Mose 11 / 1Mo 11 |
1 Mose 12 / 1Mo 12 |
1 Mose 13 / 1Mo 13 |
1 Mose 14 / 1Mo 14 |
1 Mose 15 / 1Mo 15 |
1 Mose 16 / 1Mo 16 |
1 Mose 17 / 1Mo 17 |
1 Mose 18 / 1Mo 18 |
1 Mose 19 / 1Mo 19 |
1 Mose 20 / 1Mo 20 |
1 Mose 21 / 1Mo 21 |
1 Mose 22 / 1Mo 22 |
1 Mose 23 / 1Mo 23 |
1 Mose 24 / 1Mo 24 |
1 Mose 25 / 1Mo 25 |
1 Mose 26 / 1Mo 26 |
1 Mose 27 / 1Mo 27 |
1 Mose 28 / 1Mo 28 |
1 Mose 29 / 1Mo 29 |
1 Mose 30 / 1Mo 30 |
1 Mose 31 / 1Mo 31 |
1 Mose 32 / 1Mo 32 |
1 Mose 33 / 1Mo 33 |
1 Mose 34 / 1Mo 34 |
1 Mose 35 / 1Mo 35 |
1 Mose 36 / 1Mo 36 |
1 Mose 37 / 1Mo 37 |
1 Mose 38 / 1Mo 38 |
1 Mose 39 / 1Mo 39 |
1 Mose 40 / 1Mo 40 |
1 Mose 41 / 1Mo 41 |
1 Mose 42 / 1Mo 42 |
1 Mose 43 / 1Mo 43 |
1 Mose 44 / 1Mo 44 |
1 Mose 45 / 1Mo 45 |
1 Mose 46 / 1Mo 46 |
1 Mose 47 / 1Mo 47 |
1 Mose 48 / 1Mo 48 |
1 Mose 49 / 1Mo 49 |
1 Mose 50 / 1Mo 50 |