1 |
Eye wòva me le ŋkeke mawo me bena, Amrafel, Sinear-fia, Ariok, Elasar-fia, Kedorlaomer, Elam-fia kple Tideal, Goyim-fia, |
2 |
wova wɔa aʋa kple Bera, Sodom-fia, Birsa, Gomora-fia, Sineab, Adma-fia, Semeber, Zeboyim-fia, kple Bela- alo Zoar-fia. |
3 |
Nenem me siawo katã bla nu va Sidim-gbadzaƒe, afisi Dzeƒu le azɔ. |
4 |
Fe wuieve sɔŋ wosubɔ Kedorlaomer; ke le ƒe wuietɔ̃lia me la wodze aglã. |
5 |
Le ƒe wuienelia me Kedorlaomer kple fia, siwo kpe ɖe eŋuti la, va si Refaitɔwo le Astarot-Kamayim, Zuzitɔwo le Ham, Emitɔwo le Kiryatayim-gbadzaƒe |
6 |
kple Xoritɔwo le woƒe to Seir dzi vaseɖe El-Paran, si te ɖe gbedzi lɔƒo. |
7 |
Emegbe wòtrɔ va En-Mispat, si enye Kades, eye wòsi Amalekitɔwo katã kple Amoritɔ, siwo nɔ Xazazon-Tamar la hã. |
8 |
Tete Sodom-fia, Gomora-fia, Adma-fia, Zeboyim-fia kple Bela-alo Zoar-fia woho, eye wodze aʋa ɖe Sidim-gbadzaƒe |
9 |
ɖe Kedorlaomer, Elam-fia, Tideal, Goyim-fia, Amrafel, Sinear-fia, kple Ariok, Elasar-fia ŋuti; fia ene tsitre ɖe fia atɔ̃ ŋuti. |
10 |
Ke aŋɔʋe geɖewo le Sidim-gbadzaƒe la. Esi Sodom-kple Gomora-fia wòsi la, woge ɖe wo me; ke ame mamleawo si yi to dzi. |
11 |
Eye woha Sodom kple Gomoratɔwo ƒe kesinɔnuwo kple nuɖuɖuwo katã hedzoe. |
12 |
Eye wole Lot, Abram ƒe tɔgãyovi, amesi nɔ Sodom hã, eye woha eƒe kesinɔnuwo dzoe. |
13 |
Tete amea ɖe si va gblɔe na Hebritɔ Abram, si le Amoritɔ Mamre, Eskol kple Aner nɔvi ƒe ali gãwo te la. Ame siawoe bia nu kple Abram. |
14 |
Azɔ esi Abram se bena, woɖe aboyo nɔvia la, eɖe eƒemevi alafa etɔ̃ kple wuienyi, amesiwo nya aʋawɔwɔ la, eye wòti wo yome vaseɖe Dan. |
15 |
Eye eya ŋutɔ kple eƒe ameawo dze aʋa va fiti wo le zã me hesi wo, eye wonyã wo vaseɖe Xoba le Damasko ƒe anyiehe. |
16 |
Eye wògaxɔ kesinɔnuawo katã kple nɔvia Lot hã le wo si hekpe ɖe eƒe kesinɔnuawo, nyɔnuawo kple ameha la ŋuti. |
17 |
Azɔ esi woɖu Kedorlaomer kple fia, siwo kpe ɖe eŋuti dzi hetrɔ gbɔna va aƒe la, Sodom-fia va kpee le Sawebali me, si woyɔna be fiabali me la me. |
18 |
Ke Melxizedek, Salem-fia, tsɔ abolo kple wein vɛ; ame sia enye Mawu dziƒoʋitɔ ƒe nunɔla. |
19 |
Eye wòyrae gblɔ bena Mawu dziƒoʋitɔ, si wɔ dziƒo kple anyigba, nayra Abram! |
20 |
Eye woakafu Mawu dziƒoʋĩtɔ, si tso wò futɔwo ɖe asi na wò la! Tete Abram tso nuawo katã ƒe ewolia ne. |
21 |
Eye Sodom-fia gblɔ na Abram bena: Tsɔ ameawo nam, ne kesinɔnuawo nasusɔ na wò! |
22 |
Ke Abram gblɔ na Sodom-fia bena. Meta Yehowa, Mawu dziƒoʋitɔ, si wɔ dziƒo kple anyigba la |
23 |
bena, nyemaxɔ naneke atso nusiwo katã nye tɔwo la me o, ka loo, alo atokotaka gɔ̃ hã o, bena nagagblɔ bena, yee wɔ Abram wòzu kesinɔtɔ o! |
24 |
Nyemele naneke dim o, negbe nusi ɖekakpuiawo ɖu, kple ŋutsu, siwo yi kplim, Aner, Eskol kple Mamre ƒe gome la ko woawo naxɔ wo tɔ gome.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
1 Mose 14:1 |
1 Mose 14:2 |
1 Mose 14:3 |
1 Mose 14:4 |
1 Mose 14:5 |
1 Mose 14:6 |
1 Mose 14:7 |
1 Mose 14:8 |
1 Mose 14:9 |
1 Mose 14:10 |
1 Mose 14:11 |
1 Mose 14:12 |
1 Mose 14:13 |
1 Mose 14:14 |
1 Mose 14:15 |
1 Mose 14:16 |
1 Mose 14:17 |
1 Mose 14:18 |
1 Mose 14:19 |
1 Mose 14:20 |
1 Mose 14:21 |
1 Mose 14:22 |
1 Mose 14:23 |
1 Mose 14:24 |
|
|
|
|
|
|
1 Mose 1 / 1Mo 1 |
1 Mose 2 / 1Mo 2 |
1 Mose 3 / 1Mo 3 |
1 Mose 4 / 1Mo 4 |
1 Mose 5 / 1Mo 5 |
1 Mose 6 / 1Mo 6 |
1 Mose 7 / 1Mo 7 |
1 Mose 8 / 1Mo 8 |
1 Mose 9 / 1Mo 9 |
1 Mose 10 / 1Mo 10 |
1 Mose 11 / 1Mo 11 |
1 Mose 12 / 1Mo 12 |
1 Mose 13 / 1Mo 13 |
1 Mose 14 / 1Mo 14 |
1 Mose 15 / 1Mo 15 |
1 Mose 16 / 1Mo 16 |
1 Mose 17 / 1Mo 17 |
1 Mose 18 / 1Mo 18 |
1 Mose 19 / 1Mo 19 |
1 Mose 20 / 1Mo 20 |
1 Mose 21 / 1Mo 21 |
1 Mose 22 / 1Mo 22 |
1 Mose 23 / 1Mo 23 |
1 Mose 24 / 1Mo 24 |
1 Mose 25 / 1Mo 25 |
1 Mose 26 / 1Mo 26 |
1 Mose 27 / 1Mo 27 |
1 Mose 28 / 1Mo 28 |
1 Mose 29 / 1Mo 29 |
1 Mose 30 / 1Mo 30 |
1 Mose 31 / 1Mo 31 |
1 Mose 32 / 1Mo 32 |
1 Mose 33 / 1Mo 33 |
1 Mose 34 / 1Mo 34 |
1 Mose 35 / 1Mo 35 |
1 Mose 36 / 1Mo 36 |
1 Mose 37 / 1Mo 37 |
1 Mose 38 / 1Mo 38 |
1 Mose 39 / 1Mo 39 |
1 Mose 40 / 1Mo 40 |
1 Mose 41 / 1Mo 41 |
1 Mose 42 / 1Mo 42 |
1 Mose 43 / 1Mo 43 |
1 Mose 44 / 1Mo 44 |
1 Mose 45 / 1Mo 45 |
1 Mose 46 / 1Mo 46 |
1 Mose 47 / 1Mo 47 |
1 Mose 48 / 1Mo 48 |
1 Mose 49 / 1Mo 49 |
1 Mose 50 / 1Mo 50 |