1 |
Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba. |
2 |
Ke anyigba le nyama, nɔnɔme meli nɛ o, ele ƒuƒlu, eye viviti do ɖe tsi gbana la ŋku me, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ le agba sam le tsia dzi. |
3 |
Eye Mawu gblɔ be: Kekeli nedo! Eye kekeli do. |
4 |
Eye Mawu kpɔ kekelia bena enyo. Eye Mawu ma kekeli la kple viviti la dome. |
5 |
Mawu yɔ kekeli la be ŋkeke; ke viviti la eyɔe be zã. Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke gbãtɔ. |
6 |
Eye Mawu gblɔ be: Alili nenɔ tsia titina, be wòanye dometsonu anɔ tsi kple tsi dome! |
7 |
Eye Mawu wo alili la, eye wòmã tsi, si le alilia te, kple tsi, si le alilia ta me la dome. Eye wòva me nenema. |
8 |
Eye Mawu yɔ alilia be dziƒo. Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke evelia. |
9 |
Eye Mawu gblɔ be: Tsi, si le dziƒoa te la, neƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka, bena ƒuƒuiƒe nadze! Eye wòva me nenema. |
10 |
Mawu yɔ ƒuƒuiƒe la be anyigba, ke tsi ƒoƒua la eyɔe be atsiaƒu. Eye Mawu kpo bena enyo. |
11 |
Eye Mawu gblɔ be: Anyigba nemie gbe fẽwo, nu miemie, siwo tsea ku, kple ati tseku, siwo tsena wo tɔ wo tɔwoe, esiwo me ku le, le anyigba la dzi. Eye wòva me nenema. |
12 |
Anyigba mie gbe fẽwo, nu miemie, siwo tsea ku wo tɔ wo tɔwoe, kple ati, siwo tsena, siwo me ku le, wo tɔ wo tɔwoe. Eye Mawu kpo bena enyo. |
13 |
Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke etɔ̃lia. |
14 |
Eye Mawu gblɔ be: Nu keklẽwo nado ɖe dziƒolilia ŋu, bena woade vovo ŋkeke kple zã dome, eye woanɔ anyi anye dzesiwo, afia azãgbewo, ŋkekewo kple ƒewo, |
15 |
eye woanye nu keklẽwo anɔ dziƒolilia ŋu, bene woaklẽ ɖe anyigba dzi! Eye wòva me nenem. |
16 |
Tete Mawu wɔ nu keklẽ gã eveawo. Ewɔ gãtɔ, bena woaɖu ŋkeke dzi, kple suetɔ, bena woaɖu zã dzi, hekpe ɖe ɣletiviwo ŋu. |
17 |
Eye Mawu tsɔ wo ɖo dziƒolilia ŋu, bena woaklẽ ɖe anyigba dzi, |
18 |
woaɖu ŋkeke kple zã dzi, eye woamã kekeli kple viviti dome. Eye Mawu kpɔ bena enyo. |
19 |
Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke enelia. |
20 |
Tete Mawu gblɔ bena: Nu gbagbewo neƒu tsi le tsia me, eye xe dzodzoewo nedzo le ya me le dziƒolilia ƒe ŋku me. |
21 |
Eye Mawu wo ƒumelã klitsuwo kple nu gbagbe, siwo katã tana, eye woʋãna le tsia me, hamehame, kple xe, siwo katã dzona. Eye Mawu kpo bena enyo. |
22 |
Eye Mawu yra wo gblɔ bena: Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ atsiaƒutsia me, eye xe dzodzoeawo nasɔ gbã le anyigba dzi! |
23 |
Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke atɔ̃lia. |
24 |
Eye Mawu gblɔ bena: Nu gbagbewo nedo tso anyigba me hamehame, aƒemelãwo kple nu tatawo kple gbemelãwo hamehame! |
25 |
Ale Mawu wɔ gbemelãwo hamehame, aƒemelãwo hamehame kple lã, siwo katã tana le anyigba dzi hamehame. Eye Mawu kpɔ bena enyo. |
26 |
Eye Mawu gblɔ be: Mine míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme, woaɖi mí, eye wòaɖu ƒumelãwo, dziƒoxe dzodzoewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã kpakple lã, siwo katã tana le anyigba dzi la dzi! |
27 |
Eye Mawu wɔ ame ɖe ye ŋutɔ ƒe nɔnɔme, Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔe ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ. |
28 |
Eye Mawu yra wo, eye Mawu gblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi, miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi! |
29 |
Eye Mawu gblɔ be: Kpɔ ɖa, metsɔ nu miemie tseku, siwo katã le anyigba blibo la dzi, kple ati, siwo katã tsena, siwo me ku le la, na mi, bena woanye nuɖuɖu na mi; |
30 |
ke gbewo kple amagbewo katã nanye nuɖuɖu na anyigba dzi lãwo katã kple dziƒoxe dzodzoewo katã kple nusiwo katã tana, siwo me agbe le, le anyigba dzi. Eye wòva me nenema. |
31 |
Eye Mawu kpo nusiwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonye ŋutɔ. Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke adelia.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
1 Mose 1:1 |
1 Mose 1:2 |
1 Mose 1:3 |
1 Mose 1:4 |
1 Mose 1:5 |
1 Mose 1:6 |
1 Mose 1:7 |
1 Mose 1:8 |
1 Mose 1:9 |
1 Mose 1:10 |
1 Mose 1:11 |
1 Mose 1:12 |
1 Mose 1:13 |
1 Mose 1:14 |
1 Mose 1:15 |
1 Mose 1:16 |
1 Mose 1:17 |
1 Mose 1:18 |
1 Mose 1:19 |
1 Mose 1:20 |
1 Mose 1:21 |
1 Mose 1:22 |
1 Mose 1:23 |
1 Mose 1:24 |
1 Mose 1:25 |
1 Mose 1:26 |
1 Mose 1:27 |
1 Mose 1:28 |
1 Mose 1:29 |
1 Mose 1:30 |
1 Mose 1:31 |
|
|
|
|
|
|
1 Mose 1 / 1Mo 1 |
1 Mose 2 / 1Mo 2 |
1 Mose 3 / 1Mo 3 |
1 Mose 4 / 1Mo 4 |
1 Mose 5 / 1Mo 5 |
1 Mose 6 / 1Mo 6 |
1 Mose 7 / 1Mo 7 |
1 Mose 8 / 1Mo 8 |
1 Mose 9 / 1Mo 9 |
1 Mose 10 / 1Mo 10 |
1 Mose 11 / 1Mo 11 |
1 Mose 12 / 1Mo 12 |
1 Mose 13 / 1Mo 13 |
1 Mose 14 / 1Mo 14 |
1 Mose 15 / 1Mo 15 |
1 Mose 16 / 1Mo 16 |
1 Mose 17 / 1Mo 17 |
1 Mose 18 / 1Mo 18 |
1 Mose 19 / 1Mo 19 |
1 Mose 20 / 1Mo 20 |
1 Mose 21 / 1Mo 21 |
1 Mose 22 / 1Mo 22 |
1 Mose 23 / 1Mo 23 |
1 Mose 24 / 1Mo 24 |
1 Mose 25 / 1Mo 25 |
1 Mose 26 / 1Mo 26 |
1 Mose 27 / 1Mo 27 |
1 Mose 28 / 1Mo 28 |
1 Mose 29 / 1Mo 29 |
1 Mose 30 / 1Mo 30 |
1 Mose 31 / 1Mo 31 |
1 Mose 32 / 1Mo 32 |
1 Mose 33 / 1Mo 33 |
1 Mose 34 / 1Mo 34 |
1 Mose 35 / 1Mo 35 |
1 Mose 36 / 1Mo 36 |
1 Mose 37 / 1Mo 37 |
1 Mose 38 / 1Mo 38 |
1 Mose 39 / 1Mo 39 |
1 Mose 40 / 1Mo 40 |
1 Mose 41 / 1Mo 41 |
1 Mose 42 / 1Mo 42 |
1 Mose 43 / 1Mo 43 |
1 Mose 44 / 1Mo 44 |
1 Mose 45 / 1Mo 45 |
1 Mose 46 / 1Mo 46 |
1 Mose 47 / 1Mo 47 |
1 Mose 48 / 1Mo 48 |
1 Mose 49 / 1Mo 49 |
1 Mose 50 / 1Mo 50 |